Mafee gaa na ọdịnaya

Barux 2

2
1Eya ta Aƒetɔ la wɔ ɖe nya si wògblɔ tsɔ do ŋɔdzi na mí la dzi. Egblɔe ɖe míaƒe ʋɔnudrɔ̃la siwo le Israel-dukɔ la dzi ɖum kple míaƒe fiawo, mía dziɖulawo, Israel kple Yuda-dukɔwo ŋuti. 2Le xexe blibo la me la, nu si wòwɔ le Yerusalem la tɔgbe medzɔ le afi aɖeke kpɔ o. Ewɔe le ŋɔdzidodo si woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la me la nu. 3Mía dometɔ aɖewo ɖu woawo ŋutɔ viŋutsuviwo ƒe lã, eye bubuwo ya ɖu woawo ŋutɔ vinyɔnuviwo ƒe lã. 4Aƒetɔ la wɔ wo ametenɔlawoe le fiaɖuƒe siwo katã ƒo xlã mí la me, be woanye fewuɖunu kple nu maɖinuwo le dukɔ siwo ƒo xlã wo la dome, afi si Aƒetɔ la kaka wo hlẽ ɖo la. 5Wobɔbɔ wo ɖe anyi, eye womekɔ wo ɖe dzi o, elabe míaƒe dukɔ la wɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ, mía Mawu la ŋu ɖe tomaɖomaɖo eƒe gbe ta.
6Aƒetɔ, mía Mawu la tɔ dzɔ, gake ŋukpe gã aɖe lé mía kple mía tɔgbuiwo egbegbe. 7Dzɔgbevɔ̃e siwo katã Aƒetɔ la ɖo ɖe mía ŋu la dzɔ ɖe mía dzi. 8Gake mía dometɔ aɖeke metrɔ ɖe kuku na Aƒetɔ la be yeatrɔ le nuvɔ̃ɖi siwo míaƒe dziwo di la yome o. 9Aƒetɔ la dzra dzɔgbevɔ̃e siawo ɖo ɖi na mí, eye wòna wova dze mía dzi elabe Aƒetɔ la tɔ dzɔ le nu siwo katã wòɖo na mí be míawɔ la me. 10Gake míeɖo to Aƒetɔ la ƒe gbe, be míazɔ ɖe ɖoɖo siwo wòɖo mía ŋkume la nu o.
Gbedodoɖa hena ɖeɖekpɔkpɔ
11Azɔ, o Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, wòe kplɔ wò dukɔ la tso Egipte-nyigba dzi kple ŋusẽsi, eye nèwɔ dzesiwo kple nukunuwo. Ètsɔ wò ŋusẽ gã la kple abɔ si nèdo ɖe dzi la xɔ ŋkɔe va se ɖe egbe. 12Míewɔ nuvɔ̃. Míevɔ̃ Mawu o, míewɔ nu manyomanyo, o Aƒetɔ, mía Mawu, ɖe wò ɖoɖowo katã ŋu. 13Mègado dziku ɖe mía ŋu azɔ o. Mí ame ʋɛ aɖewo, xexlẽme sue aɖe, koe susɔ le dukɔwo dome, afi siwo nèkaka mí hlẽ ɖo la. 14O Aƒetɔ, se míaƒe gbedodoɖa kple míaƒe kokoƒoƒo eye nàɖe mí le wò ŋutɔ tawò. Nà be ame siwo lé mí yi aboyo me la nakpɔ ŋudzedze le mía ŋu le wo gbɔ. 15Ale be anyigba blibo la katã nate ŋu anya be wòe nye Aƒetɔ, mía Mawu la elabe wò ŋkɔe woyɔna ɖe Israel kple eƒe dzidzimeviwo ŋuti.
16O, Aƒetɔ, kpɔ mí ɖa tso wò nɔƒe kɔkɔe la, eye nàbu mía ŋu. Kè to, o Aƒetɔ, eye nàse míaƒe gbe. 17O Aƒetɔ, ʋu ŋku nàkpɔ nu, elabe ame kuku siwo le tsiẽƒe, ame siwo ƒe ŋutilã me woɖe gbɔgbɔ le la, makafu Aƒetɔ la alo axlẽ eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ afia o. 18Gake, o Aƒetɔ, ame si le veve sem vevie eye wògbɔdzɔ, bɔbɔ le zɔzɔm, eƒe ŋkuwo le tsitsím eye dɔ le eƒe luʋɔ wum vevie la, eyae akafu wò aɖe gbeƒã wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
19O Aƒetɔ, mía Mawu, ke menye nu dzɔdzɔe aɖeke si mía tɔgbuiwo alo míaƒe fiawo wɔ tae míeva gbɔwò le gbe dom ɖa be nàkpɔ nublanui na mí o. 20Elabe èdo dziku kple dɔmedzoe ɖe mía ŋuti abe ale si nègblɔ to wò subɔla gbeƒãɖelawo dzi ene be: 21#Yer 7.34; 27.10-12.“Aƒetɔ la be: Mibɔbɔ mia ɖokui eye miasubɔ Babilonia-fia, eye mianɔ anyigba si metsɔ na mia tɔgbuiwo la dzi. 22Ke ne miase Aƒetɔ la ƒe gbe o, eye miasubɔ Babilonia-fia o la, 23mana dzidzɔ kple nukoko nu natsi le Yuda-duawo kple nuto siwo ƒo xlã Yerusalem la me, eye ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe maɖi o. Anyigba blibo la katã azu aƒedo; ame maganɔ edzi o.”
24 # Yer 8.1, 2. Gake míeɖo to wò gbe subɔ Babilonia-fia o. Ale nèna ŋɔdzi siwo nèdo na mí to nya siwo nègblɔ to wò subɔla gbeƒãɖelawo dzi be: woalɔ míaƒe fiawo kple mía tɔgbuiwo ƒe ƒuwo ado goe tso woƒe yɔdowo me la va va eme. 25Le nyateƒe me la, wotsɔ wo ƒu gbe ɖe ŋkeke ƒe dzoxɔxɔ kple zã ƒe zãmu nu. Wotsrɔ̃ le nuxaxa gã me, to dɔtoto kple aʋawɔwɔ kpakple dɔvɔ̃ si me. 26Ale aƒe si ŋu wò ŋkɔ le la, èwɔe wòle abe ale si wòle egbe ene. Esia va eme le Israel-dukɔ kple Yuda-dukɔ ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta.
27O Aƒetɔ, mía Mawu, ke hã la, èlé be na mí le wò dɔmenyonyo kple nublanuikpɔkpɔ gã la nu. 28#Mos V, 28.58, 62.Èwɔ esia abe ale si nègblɔe ene to wò subɔla Mose dzi gbe si gbe nèɖe gbe nɛ, be wòaŋlɔ wò seawo le Israel-dukɔ ŋkume gblɔ be: 29“Ne miaɖo to nye gbe o la, dukɔ gã sia ƒe xexlẽme azu sue le dukɔwo dome, afi si makaka wo ahlẽ ɖo.” 30Elabe menyae be womaɖo tom o, elabe dukɔ kɔlialiatɔwo wonye. Gake le anyigba si dzi woanɔ aboyo me le la, woatrɔ va wo ɖokui me, 31eye woanyae be nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu la. Matsɔ dzi si ɖoa to kple to siwo sea nu la na wo. 32Woakafum le anyigba si dzi woanɔ aboyo me le la, eye woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi. 33Woatrɔ le woƒe aglãdzedze kple nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo yome, elabe woaɖo ŋku wo tɔgbui siwo wɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ la ŋu la ƒe mɔwo dzi. 34Magakplɔ wo ava anyigba si ŋu meka atam ɖo be matsɔ na wo tɔgbuiwo: Abraham, Isak kple Yakob la dzi, eye woaɖu edzi. Mana woasɔ gbɔ ɖe edzi eye womazu ʋɛ o. 35#Yer 32.38-40.Mabla nu si anɔ anyi tegbee la kpli wo, be manye woƒe Mawu, eye woawo nanye nye dukɔ. Ale nyemagaɖe nye dukɔ Israel ɖa le anyigba si metsɔ na wo la dzi gbeɖe o.”