Mafee gaa na ọdịnaya

2Makabeowo 6

6
Woti Yudatɔwo yome ɖe woƒe dzixɔse ta
1Nu siawo megbe ʋɛ la, fia la ɖo Atenetɔwo ƒe adaŋudehamenɔlawo dometɔ ɖeka ɖa be wòazi Yudatɔwo dzi be woaɖe asi le wo tɔgbuiwo ƒe sewo ŋu, eye womagawɔ Mawu ƒe seawo dzi o. 2Wodi tso wo si hã be woagblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ si le Yerusalem la, eye woayɔe be mawu Zeo si le Olimpia la ƒe gbedoxɔ, eye woayɔ gbedoxɔ si le Gerizim la be mawu Zeo, Amedzrowo xɔlɔ̃ ƒe gbedoxɔ, abe ale si ame siwo le afi ma la yɔnɛ ene.
3Fuwɔame vɔ̃ɖi la te ɖe ameawo dzi, eye wòsesẽ ŋutɔŋutɔ. 4Ame siwo menye Yudatɔwo o la wɔ hadzenu vovovowo, eye wotu aglo le gbedoxɔ la me. Woɖu agbe kple gbolowo eye wodɔ kple nyɔnuwo le gbedoxɔ kɔkɔe la ƒe kpɔtɔtɔwo me. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, wotsɔ nu siwo medze o la va sa vɔe. 5Wolɔ ŋunyɔnu siwo ŋu se meɖe mɔ le o va sa vɔe le vɔsamlekpui la dzi. 6Amewo megate ŋu wɔ ɖe dzudzɔgbese la dzi alo ɖu wo tɔgbuiwo ƒe azãwo o. Gawu la, womegate ŋu ʋu eme be yewonye Yudatɔwo o.
7Le fia la ƒe dzigbezãɖuɖu me ɣleti sia ɣleti la, wozi Yudatɔwo dzi le vevesese me be woakpɔ gome le vɔsawo me. Ne Dionisio ƒe azã ɖo edzi la, wozia wo dzi woɖɔ seƒoƒokukuwo, eye wozɔna le ha me tsɔna dea bubu Dionisio ŋuti. 8Le Ptolemaistɔwo ƒe susu si wodo ɖa nu la, wowɔ se na Hela-du siwo tsɔ ɖe wo gbɔ la be woawo hã woaɖo nu siawo na Yudatɔwo, eye woana woakpɔ gome le vɔsawo me. 9Ke woawu ame siwo medi be yewoatrɔ ɖe Helatɔwo ƒe kɔnyinyiwo gbɔ o. Eya ta ame sia ame ate ŋu akpɔ xaxa sesẽ si va dze wo dzi la. 10#Mak I, 1.60, 61.Le kpɔɖeŋu me, wokplɔ nyɔnu eve vɛ be wotso aʋa na wo viwo. Wokplɔ wo tsae le dutoƒo le dua me esime ɖeviawo nɔ woƒe no nu, eye woda wo do ɖa sesĩe tso dua ƒe gli dzi. 11#Mak I, 2.32-38.Ame bubu aɖewo ƒo ƒu ɖe agado aɖewo siwo tsɔ ɖe afi ma gbɔ la me, be yewoaɖu ŋkeke adrẽlia le adzame. Wotso wo nu na Filipo, eye wotɔ dzo wo katã ɖekae, elabe woƒe xɔse gbe na wo be womegaʋli wo ɖokui ta o, ɖe ale si wobua ŋkeke kɔkɔe gãtɔ sia lae ta.
Aƒetɔ la hea to eye wokpɔa nublanui na ame
12Azɔ mele nu xlɔ̃m ame siwo axlẽ agbalẽ sia be dzi negaɖe le wo ƒo ɖe dzɔgbevɔ̃e siawo ta o. Ke wonede dzesii be womewɔ tohehe siawo be woatsrɔ̃ míaƒe dukɔ la o, ke boŋ be woatsɔ wo ana hehe woamawoe. 13Le nyateƒe me la, enye dɔmenyo gã ƒe dzesi be womaɖe asi le mawumavɔ̃lawo ŋu woanɔ anyi didii o, ke boŋ be woahe to na wo enumake. 14Elabe le dukɔ bubuwo gome la, Aƒetɔ la gbɔa dzi ɖi blewuu be yeahe to na wo va se ɖe esime woƒe nuvɔ̃wo do ga ɖe edzi. Ke mewɔa alea na míawo ya o. 15Melalana ʋuu be míaƒe nuvɔ̃wo nado ga ɖe edzi hafi wòahe to na mí o. 16Eya ta mehea eƒe nublanuikpɔkpɔ na mí ɖe megbe gbeɖe o. Togbɔ be enaa hehe mí to dzɔgbevɔ̃ewo dzi hã la, megblea eya ŋutɔ ƒe dukɔ la ɖi o. 17Mina nu siwo míegblɔ la nanye ŋkuɖoɖo nu dzi ko. Ele be míayi edzi agblɔ ŋutinya la kpuie.
Eleazar ku ɖe eƒe xɔse ta
18 # Mos III, 11.7, 8; Heb 11.35. Eleazar, ame si nye ame ŋkuta le agbalẽfialawo dome, eye wòxɔ ƒè geɖee fifia henye bubume la, wozi edzi be wòake nu aɖu halã. 19Ke eya, esi wòlɔ̃ be yeaku kple bubu wú be yeanɔ agbe, aƒo ɖi ye ɖokui la, eya ŋutɔ yi fuwɔamenu la gbɔ le eɖokui si, eye wòtu lã la ƒu gbe. 20Ewɔe abe ale si ko wòle be ame sia ame si si dzideƒo le la nawɔ ene, be wòagbe nu siwo mele se nu o la ɖɔɖɔ kpɔ, nenye be wòlɔ̃ agbe le dzɔdzɔme nu gɔ̃ hã.
21Ame siwo kpɔa vɔsa manɔsenu sia gbɔ la ɖe kpɔ ŋutsu la, le hadede si le wo dome xoxoxo la ta. Woƒoe ɖe enu le adzame be wòadi eya ŋutɔ ƒe lã aɖe si wòlɔ̃ la, eye wòsɔ nɛ be wòawɔ eŋudɔ la nɛ. Wobe awɔ aye abe vɔsalã si fia la ɖe gbe be woaɖu lae ɖum eya hã le ene. 22Ale be ne ewɔ esia la, woaxɔe ɖe agbe tso ku si me eye woanyo dɔme nɛ ɖe xɔlɔ̃wɔwɔ si le wo dome xoxoxo la ta. 23Gake eɖoe kplikpaa be yeawɔ nu si dze ƒè si yexɔ, bubuteƒe si yeƒe tsitsi da ye ɖo, yeƒe wɔƒoƒo si ŋu mokaka mele o kple le agbe nyuitɔ kekeake si yenɔ tso yeƒe ɖevime ke gɔ̃ hã ta, eye gawu la, le se kɔkɔe si Mawu na ta. Ale egblɔ na wo kaba be woaɖo ye ɖe tsiẽƒe.
24Ebe: “Ame nabua awɔ nu sia tɔgbe medze na míaƒe agbenɔɣi o, elabe ɖekakpui geɖewo abui be Eleazar gɔ̃ hã trɔ yi dzromawusubɔsubɔ me, esime wòxɔ ƒè bla asieke. 25Ale to nye nubuawɔ me be maganɔ agbe ʋɛ la, ɖekakpuiawo atra le tanye, esime megblẽ kɔ ɖo na nye tsitsi hedo vloe. 26Nenye be mevo fifia tso amegbetɔwo ƒe tohehe me gɔ̃ hã la, ɖe meɖale agbe o, ɖe meɖaku o, nyemasí le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe asi me o. 27Eya ta ne metsɔ nye agbe na kalẽtɔe fifia la, maɖe ɖokuinye afia be medze na ƒè si mexɔ la. 28Ale magble kpɔɖeŋu dzeame ɖi na sɔhɛwo, ale si woalɔ̃ aku ku nyui faa bubutɔe ɖe se kɔkɔe siwo dze na bubu la ta.”
Esi wògblɔ nya sia la, ezɔ enumake yi fuwɔamenu la gbɔ. 29Ame siwo nɔ eƒe nyui dim le ɣeyiɣi ʋɛ si va yi me la trɔ nɔ eƒe vɔ̃e dim, elabe nya siwo do le enu, le woƒe susu nu la, fia be ele tsu kum. 30Esi wòle kuku ge le ale si wole eƒom ta la, eŋe sesĩe gblɔ be: “Eme kɔ na Aƒetɔ la kɔtɛe le eƒe sidzedze kɔkɔe la me be, togbɔ be woate ŋu axɔm ɖe agbe tso ku si me hã la, mele fu kpem ŋɔdzitɔe le nye ŋutilã me le ƒoƒo sia ta. Gake le nye luʋɔ me ya la, dzi le dzɔyem be mele fukpekpe siawo me tom elabe mevɔ̃a eyama.”
31Ale wòku alea le mɔ sia nu, hegble kpɔɖeŋu si ŋu bubu le le ku me kple dzideƒo si nye ŋkuɖodzinu ɖi. Menye sɔhɛwo ɖeɖe ko wògblee ɖi na o, ke boŋ na ame akpa gãtɔ le eƒe dukɔ la me.