Mika 6
6
Yehowa tsɔ nya ɖe Israel ŋu
1Mise nya si gblɔm Yehowa le na eƒe dukɔ:
“Tsi tsitre, nàgblɔ nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.
Towo kple togbɛwo nanye ɖasefowo
na nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.
2“Azɔ la, mi towo, miɖo to miase nya
siwo Yehowa tsɔ ɖe mia ŋuti.
Miɖo to, mi anyigba ƒe agunu mavɔwo,
elabena Yehowa tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋuti
eye wòtsɔ nya ɖe Israel ŋu.
3“O, nye dukɔ, nu ka mewɔ wò?
Fu ka meɖe na wò?
Ɖo eŋu nam!
4Elabena nyee kplɔ wò tso Egipte
eye meɖe wò tso kluvinyenye me.
Medɔ Mose, Aron kple Miriam be woakplɔ mi.
5Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak,
ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu nɛ la dzi.
Ɖo ŋku wò mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal
la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.”
6Nu ka matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa gbɔ
eye made ta agu ɖe Mawu dziƒoʋĩtɔ la ŋkume?
Matsɔ nyivi si xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ nɛa?
7Ɖe agbo akpewo kple amitɔsisi akpe akpewo adze Yehowa ŋua?
Ɖe matsɔ nye ŋgɔgbevi asa vɔe ɖe nye dzidadawo ta
kple nye dɔmevi ɖe nye luʋɔ ƒe nu vɔ̃ ta mahã?
8O amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò.
Nu ka Yehowa di tso asiwò?
Be nàwɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ nublanuikpɔkpɔ eye nàzɔ
kple wò Mawu la le ɖokuibɔbɔ me.
Israel ƒe agɔdzedze kple tohehe
9“Miɖo to! Yehowa le Yerusalem dua katã yɔm.
Ame si vɔa wò ŋkɔ la, nunyalae.
Miɖo to ameƒoti la kple Ame si dɔe ɖa.
10O, aƒe vɔ̃ɖi! Ɖe maŋlɔ wò kesinɔnu madzɔmadzɔ
kple nudotre sue si dzi fiƒode le la bea?
11Ɖe matso afia na ame aɖe ne nudanu madzɔmadzɔ le esi
eye nudakpe amebatɔwo yɔ akplo me nɛ fũua?
12Miaƒe kesinɔtɔwo yɔ fũu kple ŋutasẽse
eye miaƒe dukɔmeviwo daa alakpa
eye amebeble le aɖe dzi na wo.
13Eya ta nye hã matsrɔ̃ wò,
agbã wò gudugudu ɖe wò nu vɔ̃wo ta.
14Àɖu nu, ke màɖi ƒo o,
eye dɔ anɔ wuwòm ɖaa.
Àdzra nu gbogbowo ɖo, ke naneke masusɔ na wò o,
elabena ne ɖe susɔ gɔ̃ hã la,
matsɔe ade asi na yi.
15Àƒã nu, ke màŋe nu o;
àɖa ami, gake màkpɔ ami asi o;
àfia waintsetse, ke màkpɔ wain ano o.
16Miewɔ nu ɖe Omri ƒe sewo nu
eye miewɔ Ahab ƒe aƒe la ƒe nuwɔnawo katã.
Miedze woƒe nuɖoanyiwo yome
eya ta matsɔ mi ade asi na gbegblẽ
eye wò amewo azu alɔmeɖenu;
ale dukɔwo ƒe vlododo ava dziwò.”
Actualmente seleccionado:
Mika 6: AL
Destacar
Copiar
Comparar
Compartir
¿Quieres guardar tus resaltados en todos tus dispositivos? Regístrate o Inicia sesión
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.