Habakuk Ŋgɔdonya
Ŋgɔdonya
Habakuk gblɔ nya ɖi le Yuda fiaɖuƒe la ƒe ŋkeke mamlɛawo me hafi fiaɖuƒe la gbã le ƒe alafa atɔ̃ blaenyi-vɔ-adelia me do ŋgɔ na Yesu dzidzi. Ekpɔ dzɔgbevɔ̃e si gbɔna wo dzi eye nu eve ɖe fu nɛ. Nu eve siawoe nye nu si ta Mawu ɖe mɔ be nu vɔ̃ nanɔ Yuda dukɔ me kple ale si Mawu ate ŋu awɔ dukɔ si me nu vɔ̃ wɔwɔ le fũu abe Babilonia ene la ŋu dɔ atsɔ ahe to na Yuda ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta. Mawu ɖe nya me na Habakuk eye wòna wòkpɔ Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã le ŋutega me. Sidzedze yeye sia tso ame si Mawu nye kple ale si Habakuk ŋutɔ menya naneke o ŋu la do ŋusẽ Habakuk be wòte ŋu nɔ agbe to ɣeyiɣi sesẽ mawo me kple tameɖoɖo kple ŋusẽ.
Emenyawo
Nu ka ta Mawu ɖe mɔ na ameteteɖeanyi kple amebaba le Yudatɔwo ƒe agbenɔnɔ me? (1:1-4)
Mawu awɔ Kaldeatɔwo ŋu dɔ atsɔ ahe to na nu vɔ̃ wɔlawo (1:5-11)
Nu ka ta Mawu aɖe mɔ ame vɔ̃ɖiwo naɖu ame siwo mevɔ̃ɖi tututu o la dzi? (1:12–2:1)
Mawu ahe to na Kaldeatɔwo emegbe (2:2-20)
Habakuk ƒe gbedodoɖa kple kafukafuha (3:1-19)
Actualmente seleccionado:
Habakuk Ŋgɔdonya: AL
Destacar
Copiar
Comparar
Compartir
¿Quieres guardar tus resaltados en todos tus dispositivos? Regístrate o Inicia sesión
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.