Logo de YouVersion
Ícono Búsqueda

Daniel Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Woɖe aboyo Daniel yi Babilonia, esime wònye ŋutsuvi dzaa aɖe ko. Togbɔ be enye aboyome hã la, wona hehe tɔxɛe, eye wòva kpɔ nɔƒe kɔkɔ aɖe le Babilonia. Emegbe la, egakpɔ teƒe kɔkɔ le Persia dziɖuɖu hã me. Le eƒe Mawudzixɔse ta la, woti eyome ŋutasesẽtɔe. Wodae ɖe dzatawo ƒe do me. Wolé eya kple ehati etɔ̃ de kpodzo me gake wotsi agbe le Mawu ƒe ŋusẽ ta. Agbalẽ la ƒo nu tso nya geɖe siwo dzɔ le Daniel ƒe ɣeyiɣi me ŋu, ke nyagblɔɖi tso nu siwo ava dzɔ emegbe la hã le eme. Daniel kpɔ fiaɖuƒe gã siwo ava va. Gawu la ekpɔ Mawu ƒe ŋusẽ kple Mesia si nye Yesu Kristo, ame si ava ɖe nu vɔ̃wo ɖa le xexea me eye wòaɖo dzɔdzɔenyenye ƒe fiaɖuƒe anyi la hã. Fiaɖuƒe sia nu mava yi gbeɖe o.
Emenyawo
Daniel kple xɔlɔ̃awo le Babilonia (1:1–6:28)
Daniel ƒe drɔ̃e (7:1–8:27)
Daniel ƒe gbedodoɖa kple ɖeɖefia si wòkpɔ tso kɔsiɖa blaadreawo ŋu (9:1-27)
Ɖeɖefia siwo wòkpɔ le ŋkeke siwo ava va la ŋu (10:1–12:13)

Actualmente seleccionado:

Daniel Ŋgɔdonya: AL

Destacar

Copiar

Comparar

Compartir

None

¿Quieres guardar tus resaltados en todos tus dispositivos? Regístrate o Inicia sesión