Logo de YouVersion
Ícono Búsqueda

Amos Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Amos, Hosea, Yesaya kple Mixa wogblɔ nya ɖi le ɣeyiɣi ɖeka me. Abe Hosea ene la, Amos gblɔ nya ɖi na Israel ƒe Anyigbeme Fiaɖuƒe la, togbɔ be eya ŋutɔ tso anyigbeme hã. Le gɔmedzedzea me la, egblɔ nya ɖi tso ale si ʋɔnudɔdrɔ̃ ava dukɔ siwo ƒo xlã wo la dzi ŋu, ke emegbe la, egblɔ nya ma ke ɖe Israel ƒe nu vɔ̃wo, vevietɔ nu vɔ̃wo wɔwɔ ɖe amehavi ŋu. Nu vɔ̃ siawoe nye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, tatɔwo ƒe zãnuxɔxɔ, ŋukeklẽ kple mawusubɔsubɔ alakpatɔe. Amos gakpɔ ɖeɖefia aɖewo, eye wòtsɔ wo he nya ɖe ameawo ŋu vevie. Agbalẽ la wu enu be mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke meli be Israel aɖo to o.
Emenyawo
Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔwo (1:1–2:16)
Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Israel (3:1–6:14)
Ɖeɖefia atɔ̃awo kple ŋugbedodo be woagaɖo dukɔ la te (7:1–9:10)
Ŋugbedodo be woagaɖo Israel te (9:11-15)

Actualmente seleccionado:

Amos Ŋgɔdonya: AL

Destacar

Copiar

Comparar

Compartir

None

¿Quieres guardar tus resaltados en todos tus dispositivos? Regístrate o Inicia sesión