1
Lododowo 3:5-6
Agbenya La
AL
Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo, mègaku ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o; ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe.
2
Lododowo 3:7
Mèganye nunyala le wò ŋutɔ wò ŋkume o, ke boŋ vɔ̃ Yehowa eye nàtsri vɔ̃.
3
Lododowo 3:9-10
De bubu Yehowa ŋu kple wò kesinɔnuwo kple wò agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo, ekema wò avawo ayɔ agbagba, eye wain yeye ayɔ wò ahazewo agbagba.
4
Lododowo 3:3
Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o, tsɔ wo de kɔ eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.
5
Lododowo 3:11-12
Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe o eye mègagbe eƒe mokaname o elabena Yehowa ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo abe ale si fofo wɔna na vi si ƒe nu dzea eŋu la ene.
6
Lododowo 3:1-2
Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me, elabena woadidi wò agbenɔƒewo ɖe edzi ƒe geɖe, eye woahe dzidzedzekpɔkpɔ vɛ na wò.
7
Lododowo 3:13-15
Woayra ame si ke ɖe nunya ŋu kple ame si si gɔmesese su elabena nunya xɔ asi wu klosalo eye viɖe geɖe le eme wu sika. Asixɔxɔ le eŋu wu adzagba eye nu siwo katã dim nèle la, ɖeke mesɔ kplii o.
8
Lododowo 3:27
Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze nɛ, ne ele wò ŋusẽ me be nàwɔe o.
9
Lododowo 3:19
Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la ƒe gɔmeɖokpe anyii eye wòtsɔ gɔmesese ɖo dziƒowo ɖe wo teƒe.