1
Mateo 19:26
Agbenya La
AL
Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o.”
Comparar
Explorar Mateo 19:26
2
Mateo 19:6
Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o.”
Explorar Mateo 19:6
3
Mateo 19:4-5
Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wɔ wo ŋutsu kple nyɔnu o mahã? Eya ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka.
Explorar Mateo 19:4-5
4
Mateo 19:14
Gake Yesu gblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”
Explorar Mateo 19:14
5
Mateo 19:30
Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo fifia la, azu mamlɛtɔwo, eye ame siwo nye mamlɛtɔwo la, azu gbãtɔwo.”
Explorar Mateo 19:30
6
Mateo 19:29
eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, nɔviŋutsuwo, nɔvia nyɔnuwo, fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo alo eƒe nunɔamesiwo ɖi hedze yonyeme la, akpɔ wo ɖe edzi teƒe alafa ɖeka (100), eye wòanyi agbe mavɔ ƒe dome.
Explorar Mateo 19:29
7
Mateo 19:21
Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nàdze yonyeme.”
Explorar Mateo 19:21
8
Mateo 19:17
Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la, ekema Mawue nye ema yɔm nèle, elabena ame ɖeka koe li woayɔ be ame nyui, eye ame siae nye Mawu. Le wò biabia la ŋuti la, mele egblɔm na wò be àte ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi.”
Explorar Mateo 19:17
9
Mateo 19:24
Megale egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.”
Explorar Mateo 19:24
10
Mateo 19:9
eye mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame si gbe srɔ̃a, eye menye ɖe ahasiwɔwɔ ta o, ke boŋ le susu bubu aɖe ta, eye wòyi ɖaɖe nyɔnu bubu la, ewɔ ahasi.”
Explorar Mateo 19:9
11
Mateo 19:23
Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Nyateƒe, asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ be woage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.
Explorar Mateo 19:23