1
Mateo 18:20
Agbenya La
AL
Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome.”
Comparar
Explorar Mateo 18:20
2
Mateo 18:19
“Mele egblɔm na mi hã nyateƒetɔe be ne mi ame eve miewɔ ɖeka le anyigba dzi bia nane Fofonye si le dziƒo la, awɔe na mi.
Explorar Mateo 18:19
3
Mateo 18:2-3
Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ, eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume. Azɔ egblɔ na wo be, “Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o
Explorar Mateo 18:2-3
4
Mateo 18:4
eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.
Explorar Mateo 18:4
5
Mateo 18:5
Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ.
Explorar Mateo 18:5
6
Mateo 18:18
“Nyateƒe, mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabla le anyigba dzi la anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.
Explorar Mateo 18:18
7
Mateo 18:35
“Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzi me o.”
Explorar Mateo 18:35
8
Mateo 18:6
Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wòano tsi aku boŋ.
Explorar Mateo 18:6
9
Mateo 18:12
“Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye ɖeka bu la, aleke wòawɔ? Ɖe magble alẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛawo ɖi ayi aɖadi ɖeka si bu la le togbɛwo dzi oa?
Explorar Mateo 18:12