1
Habakuk 3:17-18
Agbenya La
AL
Togbɔ be gboti meƒo se o eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o, togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o, togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me, eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la, nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me.
Comparar
Explorar Habakuk 3:17-18
2
Habakuk 3:19
Aƒetɔ Yehowae nye ŋusẽ. Ewɔ nye afɔ abe zinɔ tɔ ene, eye wònana be mazɔa Kɔkɔeƒewo.
Explorar Habakuk 3:19
3
Habakuk 3:2
Yehowa, mese nya le wò gãnyenye ŋuti. O Yehowa, wò nuwɔwɔwo wɔ nuku lo! Gbugbɔ wo wɔ yeye le míaƒe ŋkekewo me. Ɖe wo fia le míaƒe ɣeyiɣi me. Le wò dziku me, ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi.
Explorar Habakuk 3:2