Yehowa ɖo eŋu nam be:
“Ŋlɔ ɖeɖefia la da ɖi.
Ŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi eme nakɔ
ale be woate ŋu axlẽe bɔbɔe.
Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la
elabena eƒo nu tso nuwuwu si
le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o;
ke ne ehe ɖe megbe hã la,
lalae elabena ava eme godoo,
mada le edzi o.