1
Dɔwɔwɔwo 4:12
Agbenya La
AL
Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.”
موازنہ
تلاش Dɔwɔwɔwo 4:12
2
Dɔwɔwɔwo 4:31
Esi wodo gbe ɖa vɔ alea la, xɔ si me wonɔ la ʋuʋu sesĩe. Wo katã yɔ fũu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye wogblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo gã blibo.
تلاش Dɔwɔwɔwo 4:31
3
Dɔwɔwɔwo 4:29
Azɔ míaƒe Mawu, wò ŋutɔ se ale si wole kakam ɖe mía ŋue la ɖa! Na dzideƒo blibo mí wò subɔlawo be míate ŋu agblɔ wò nya la kple dzideƒo.
تلاش Dɔwɔwɔwo 4:29
4
Dɔwɔwɔwo 4:11
Eyae nye, “ ‘Kpe si mi xɔtulawo miegbe la, eya kee trɔ zu dzogoedzikpe.’
تلاش Dɔwɔwɔwo 4:11
5
Dɔwɔwɔwo 4:13
Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo wɔ yaa, eye wode dzesii be ame siawo nɔ Yesu ŋu va yi.
تلاش Dɔwɔwɔwo 4:13
6
Dɔwɔwɔwo 4:32
Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome.
تلاش Dɔwɔwɔwo 4:32