Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Xezekiel 29

29
Le Egipte ŋuti.
1Le ƒe ewolia me, le dzinu ewolia ƒe ŋkeke wuievelia dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2Amevi, trɔ ŋgɔ de Egipte-fia Farao, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eya kple Egipte blibo la ŋu. 3Ƒo nu gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Egipte-fia Farao, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina hele gbɔgblɔm be: „Tɔnyee nye tɔsisi la, eye nyee wɔe.“ 4Matso ƒu aƒo ɖe alɔxatsa me na wò, eye mana wò tɔwo me lãwo nalé ɖe wò tsrokpa ŋu, mahe wò ado goe tso wò to me, eye wò tɔwo me lãwo katã alé ɖe wò tsrokpa ŋu. 5Matsɔ wò aƒu gbe ɖe gbegbe, eye nadze dogba dzi le gbe me, womafɔ wò aƒo ƒu o, eye womaɖi wò o, matsɔ wò awɔ nuɖuɖui na gbemelãwo kple dziƒoxewo. 6Eye Egiptetɔwo katã adze sii be, nyee nye Yehowa, elabena wonye aƒlati na Israel ƒe aƒe la; 7ne wolé wò kple asi la, aŋe avuvu woƒe asi blibo la, eye ne woziɔ ɖe ŋuwò la, àŋe aƒo ɖe woƒe ali me blibo la.
8Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe yi ava dziwò, eye matsrɔ̃ amegbetɔ kple lã le dziwò. 9Eye Egipte-nyigba azu aƒedo kple gbegbe, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa. Esi nègblɔ be, ye toe nye Nil-tɔsisi la, eye yee wɔe ŋuti la, 10eyata kpɔ ɖa, maƒo ɖe mia kple wò tɔsisiwo dzi, eye mana Egipte-nyigba nazu gbegbe kple aƒedo, tso Migdol va ke ɖe Siene ɖaseɖe Kus ƒe liƒo dzi. 11Amegbetɔ ƒe afɔ kple lã ƒe afɔ mato edzi o, eye ame manɔ edzi o ƒe blane. 12Mana Egipte-nyigba nazu aƒedo abe anyigba, siwo wogblẽ ene, eye eƒe duwo atsi anyi aƒedoe abe du gbagbã wo ene ƒe blane; makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye mahlẽ wo ɖe anyigbawo dzi.
13Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Le ƒe blane megbe la maƒo Egiptetɔwo nu ƒu tso dukɔwo dome, afisi woka hlẽ ɖo; 14magaɖo Egiptetɔwo te, eye mana woatrɔ agbɔ va Patros-nyigba, si nye wo denyigba la dzi, eye woanye fiaɖuƒe suea ɖe le afima. 15Ano sue le fiaɖuƒewo dome, eye magakɔ ta dzi ɖe dukɔwo ŋu azɔ o, mana woanɔ ʋee, ne womagafanya dukɔwo o. 16Israel ƒe aƒe la magaɖo ŋu ɖe wo ŋu azɔ, ne woaɖo ŋku vodada dzi na wo, nenye be, woku ɖe wo ŋu la o; eye wòadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
17Le ƒe blave vɔ adrelia me le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena: 18Amevi, Babel-fia Nebukadnezar na eƒe aʋakɔ wɔ dɔ sesẽ ɖe Tiro ŋu, tawo katã bebe, eye abɔtawo ɖe bo, ke eya kple eƒe aʋakɔ la mekpɔ fetua ɖeke tso Tiro gbɔ ɖe dɔ, si wòwɔ ɖe eŋu la la o. 19Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ Egipte-nyigba ade asi na Babel-fia Nebukadnezar, eye woatɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe, aɖe aboyonu, eye wòaha nu; esia anye fetu na eƒe aʋakɔ. 20Matsɔ Egipte-nyigba nɛ wòanye eƒe fetu, si ta wòwɔ dɔ ɖo, elabena nyee wòwɔ dɔ na, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 21Ɣemaɣi la mana Israel ƒe aƒe la nato dzo, eye maʋu nu na wò le wo dome, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.

Iliyochaguliwa sasa

Xezekiel 29: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia