Daniel 3
3
Ŋutsu etɔ̃awo le kpodzo me.
1Eye fia Nehukadnezar wɔ sikalegba wòkɔ abɔklugui blaade, eye wòkeke abɔklugui ade; eye wòtsɔe li anyi ɖe Dura-bali la me le Babel-nyigba dzi. 2Eye fia Nebukadnezar dɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖaƒo amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo, ʋɔnuɖrɔ̃lawo ƒe amegãwo, nudzikpɔlawo, sefialawo, ʋɔnuɖrɔ̃lawo kple anyigbawo ƒe dziɖuɖu dɔwɔlawo katã nu ƒu, ne woava akɔ legba, si fia Nebukadnezar li anyi la ŋu. 3Tete amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo, ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe amegãwo, nudzikpɔlawo, sefialawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple anyigbawo ƒe dziɖuɖu dɔwɔlawo katã ƒo wo ɖokui nu ƒu, be woakɔ legba, si fia Nebukadnezar li anyi la ŋu, eye wotsi tre ɖe legba, si Nebukadnezar li anyi la ŋgɔ. 4Eye gbeƒãɖela ɖo ɣli sesie bena: Mi dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, wole se dem na nu be: 5Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, miadze klo ado gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la! 6Ke amesi medze klo do gbe ɖa o la, wotsɔe aƒu gbe ɖe kpo, si me dzo le bibim le la me enumake! 7Eyata esi dukɔwo katã, anyigbɔ dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo nya se kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo kple saŋkuwo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, wo katã wodze klo hedo gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la.
8Enumake Kaldea-ŋutsuwo va tso Yudatɔwo nu. 9Eye woxɔ edzi gblɔ na fia Nebukadnezar bena: Fia nenɔ agbe tegbee! 10Wò fia, ède se bena, ne amesiame se kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo kple venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, wòadze klo ado gbe ɖa na sikalegba la; 11ke amesi medze klo hedo gbe ɖa o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo, si le bibim la me. 12Yuda-ŋutsu, siwo netsɔ ɖo Babel-nyigba ƒe dziɖuɖu ɖɔ nu: Saɖrax, Mesax kple Abed-Nego la, fia ƒe se la metsɔ fu lã me na wo o, womesubɔ wò mawuwo o, eye womedo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o. 13Enumake Nehukadnezar ɖe se le dɔmedzoe kple dziku me be, woaɖakplɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego vɛ; eye wokplɔ ŋutsu siawo vɛ na fia la. 14Tete Nebukadnezar xɔ edzi gblɔ na wo bena: Saɖrax, Mesax kple Abeɖ-Nego, yavãe miegbe be, yewomasubɔ nye mawu, eye míado gbe ɖa na sikalegba, si meli anyi la oa? 15Eyata miɖɔ ɖo! Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, seŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ekema miadze klo ado gbe ɖa na legba, si mewɔ la; ke ne mieɖo gbe ɖa nɛ o le ekema woatsɔ nu aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me enumake. Mawu kae ate ŋu aɖe mi tso asinye me? 16Tete Sadrax, Mesax kple Abed-Nego woɖo ŋu gblɔ ne fia la bena: Nebukadnezar, nya sia ŋuɖoɖo meve mi o. 17Kpɔ ɖa, mía Mawu, si subɔm míele la, me ŋu aɖe mí tso kpodzo bibi la me, eye wòate ŋu aɖe mi tso wò fia si me. 18Ke ne menɔ alea o hã la, fia, nyae be, míele wò mawuwo subɔ ge akpɔ gbeɖe o, eye mlaɖo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.
19Tete dzi ku Nehukadnezar vevie, eye eƒe mo trɔ ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu; eye wòde se be, woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodoe tsã. 20Eye wòɖe se na ŋutsu sesẽ, siwo le eƒe aʋakɔa me la be, woabla Sadrax, Mesax kple Abed-Nego atsɔ aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me. 21Tete ŋutsuawo bla wo, woƒe agbotɛwo, dziwuiwo kple awu ʋlayawo kpakple avɔwo le wo ŋu, wotsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me. 22Eye dzoƒaɖewo wu ŋutsu, siwo kplɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego yii la, elabena fia ƒe se la sesẽ, eye wodo kpodzo la wògbɔ eme. 23Ŋutsu etɔ̃awo Sadrax, Mesax kple Abed-Nego wole babla wotsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me.
24Tete fia Nehukadnezar ƒe nu ku, eye wòtso zi ɖeka kplà gblɔ na eƒe adaŋudelawo bena: Ɖe menye ŋutsu etɔ̃e míebla tsɔ ƒu gbe de dzoa me oa? Woɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Ẽ, fia! 25Exɔ edzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mele ŋutsu ene kpɔm, ka tu le wo ŋu, eye wole tsatsam le dzoa me, eye womexɔ abi o; enelia ƒe nɔnɔme le abe mawuwo vi la ene. 26Tete Nehukadnezar te ɖe kpodzo bibi la ŋu hexɔ edzi gblɔ bena: Sadrax, Mesax kple Abed-Nego, mi dziƒoʋĩtɔ la viwo, mido va! Enumake Sadrax, Mesax kple Abed-Nego wodo tso dzoa me. 27Eye amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo kple fia ƒe adaŋudelawo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye wode ŋku ɖe ŋutsuawo hekpɔ be, dzo mewɔ naneke ŋuli na wo o, eye woƒe taɖa mefiã o, naneke mewɔ woƒe awuwo o, eye dzo meʋẽ le wo ŋu o.
28Tete Nehukadnezar xɔ edzi gblɔ bena: Woakafu Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu la, amesi dɔ eƒe dɔla ɖa, be wòade eƒe subɔla, siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu, wo amesiwo da fia ƒe nya dzi, eye wotsɔ wo ɖokui na, be yewomagasuhɔ mawu bubua ɖeke alo aɖo gbe ɖa nɛ akpe ɖe yewoƒe Mawu la ŋu o. 29Eyata se, si dem mele, enye si: Ne amea ɖe gblɔ nya tovoa ɖe ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu ŋu le dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔglɔwo katã dome la, woaflii kakɛkakɛ, eye eƒe eƒe azu aɖukpo; elabena mawu bubua ɖeke meli ate ŋu aɖe ame abe eya ene o. 30Emegbe fia la na ame nyo na Sadrax, Mesax kple Abed-Nego le Babel-nyigba dzi.
31Fia Nehukadnezar ƒe nya na dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi, enye si: Eme nenyo na mi! 32Enye nye didi be, matsɔ dzesi kple nukunu, siwo Mawu dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la, aɖe gbe ƒãe. 33Eƒe dzesiwo lolo, eye eƒe nuku nuwo tri akɔ loo! Eƒe fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye eƒe dziɖuɖu le ƒomewo katã me!
Iliyochaguliwa sasa
Daniel 3: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili
Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.