Mose IV 5
5
Ame makɔmakɔwo
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Na Israelviwo naɖe ŋutigbalẽdɔ si amewo vɔ̃na la lélawo, afuɖɔlawo kple ame siwo gblẽ kɔ ɖo le ame kuku ŋu la ɖa le asaɖa la me. 3Woaɖo wo ɖe asaɖa la godo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, be womagagblẽ kɔ ɖo na woƒe asaɖa la o, elabe afi mae mele wo dome le.” 4Israelviwo wɔ nu si Mose gblɔ na wo la pɛpɛpɛ, eye woɖo ameawo ɖe asaɖa la godo.
Fexexe ɖe vodada ta
5 #
Mos III, 6.1-7. Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 6“Gblɔ na Israelviwo be, ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe mewɔ nuteƒe na Aƒetɔ o, eye wòda vo ɖe ame aɖe ŋu la, eɖi fɔ. 7Eya ta fɔɖila la naʋu eƒe vodada me, eye wòaxe fe dedie ɖe nu si me wòɖi fɔ le la ta. Azɔ atsɔ ga si wòxe la ƒe memama atɔ̃liawo ɖeka akpe ɖe eŋu atsɔ na ame si ŋu wòɖi fɔ ɖo la. 8Ke ne amea ku, eye ƒometɔ si te ɖe eŋu aɖu eƒe dome meli wòaxe fe la na o la, ekema fe si wòxe la zu Aƒetɔ tɔ woatsɔ na nunɔla. Agbo si woatsɔ awɔ avuléle kɔnu la hã nakpe ɖe eŋuti. 9Nunana kɔkɔe siwo katã Israelviwo ava na nunɔla abe adzɔ ene la anye nunɔla tɔ. 10Ame sia ame ƒe nu kɔkɔe si wòava na la anye nunɔla tɔ, eye nu sia nu si ame aɖe va na nunɔla la, nye eya ŋutɔ tɔ.”
Ŋutsu srɔ̃tɔ anukluiwɔlawo ƒe nya
11Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 12“Gblɔ na Israelviwo be adzɔ be ŋutsu aɖe srɔ̃ mawɔ nuteƒe nɛ o, 13eye ŋutsu bubu nadɔ kplii ale be wòagblẽ kɔ ɖo. Srɔ̃ŋutsua manya o, eye nya la atsi to me elabe womelée asiasii o, eye ɖasefo aɖeke hã meli o. 14Ke ava eme be ŋutsua abu nazã, ŋuʋaʋã naɖo eme, eye wòade asi anukluiwɔwɔ me le srɔ̃a ŋuti. Azɔ la, ava eme hã be ŋutsua abu nazã anɔ anuklui wɔm le srɔ̃a ŋuti, evɔ wònye nyɔnua megblẽ kɔ ɖo hafi o. 15Ne eva eme le go eveawo me alea la, srɔ̃ŋutsua nekplɔ srɔ̃a yi nunɔla gbɔ, eye wòatsɔ luwɔ kilo ɖeka si nye vɔsanunana la akpe ɖe eŋuti. Makɔ ami ɖe edzi alo ada dzudzɔdonu hã ɖe edzi o, elabe vɔsanunana si srɔ̃ŋutsu nazãbula tsɔ vɛ be nyateƒe nadze la wònye.
16Nunɔla la nana nyɔnua nate va, eye wòatsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ. 17Nunɔla la neku tsi kɔkɔe ɖe agba me, eye wòalɔ ke le anyigba le agbadɔ la me akɔ ɖe tsia me. 18Azɔ la, wòatu nyɔnua ƒe ɖa le ta nɛ, akakae, eye wòatsɔ luvɔsanunana la ade asi me nɛ. Ke nunɔla la ŋutɔ alé tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la ɖe asi. 19Nunɔla la ana wòaka atam agblɔ be: ‘Ne ŋutsu aɖe de asi ŋuwò fĩi! Nenye be mèwɔ ahasi hegblẽ kɔ ɖo o la, fiƒodetsi veve sia megawɔ naneke wò o. 20Evɔ ne èwɔ ahasi hegblẽ kɔ ɖo la, 21Aƒetɔ nena fiƒode la neɖi ŋuwò nàtrɔ zu ɖiŋudonu le wò dukɔ me. Aƒetɔ ana wò ali naklẽ, eye ƒodo nadzi ɖe nuwò. 22Fiƒodetsi veve sia neɖo dɔme na wò, wò ame la nàte, eye wò ata natu!’ Nyɔnua aɖo eŋu be: ‘Neva eme nenema, neva eme nenema.’
23Emegbe nunɔla aŋlɔ fiƒodenya siawo ɖe agbalẽ me, eye wòakpalae ɖe fiƒodetsi si hea fukpekpe vaa ame dzi la me. 24Hafi wòana nyɔnua nano tsi veve la wòaɖo lã me nɛ la, 25nunɔla la axɔ luvɔsanunana la le esi, eye wòanyèe le Aƒetɔ ŋkume, emegbe wòatsɔe ayi vɔsamlekpui la gbɔe. 26Nunɔla la aku luvɔsanunana la asiʋlo ɖeka, abe ŋkuɖoɖo nu dzi ƒe dzesi ene, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Esiawo megbe hafi wòana nyɔnua nano tsi la. 27Nenye be ewɔ ahasi, eye wògblẽ kɔ ɖo vavã hafi no fiƒodetsia la, tsia aɖo lã me nɛ, eye wòase veve vevie. Ƒodo adzi ɖe enu, eƒe ali aklẽ, eye wòatrɔ zu ɖiŋudonu le eƒe dukɔ me. 28Ke ne nyɔnu la megblẽ kɔ ɖo o, eye eƒe nya dzɔ la, naneke mawɔe o, eye wòagate ŋu afɔ fu adzi vi.
29“Esia nye se le ŋuʋaʋã ŋu. Ne nyɔnu aɖe le atsuƒe eye wòda ƒu ɖe srɔ̃a ŋu, gblẽ kɔ ɖo 30ŋuʋaʋã gbɔgbɔ ɖo ŋutsu aɖe me, eye wode asi anukluiwɔwɔ me ɖe srɔ̃a ŋu la, ekema nekplɔ nyɔnu la va Aƒetɔ ŋkume, eye nunɔla nawɔ nu siawo katã nɛ ɖe se la nu. 31Ŋutsu la avo tso nuvɔ̃ me, ke nuvɔ̃ ƒe agba anɔ nyɔnua dzi.”
Trenutno izabrano:
Mose IV 5: EB14
Istaknuto
Kopiraj
Uporedi
Podeli
Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: