Mose IV 35
35
Du siwo wotsɔ na Levitɔwo
1 #
Yos 21.1-42. Aƒetɔ gblɔ na Mose le Moab-gbegbe le Yordan nu le Yerixo kasa be: 2“Gblɔ na Israelviwo be woana duwo Levitɔwo ɖe woƒe anyigba dzi, ne woanɔ wo me, eye woana lãnyiƒewo hã wo. Lãnyiƒeawo naƒo xlã duawo akpe ɖo. 3Levi viawo nanɔ duawo me, eye woƒe nyihawo, aƒemelãwo kple lã bubuawo nanɔ lãnyiƒeawo. 4Lãnyiƒeawo nadidi meta alafa ene bla atɔ̃ ayi ŋgɔgbe tso dugliawo gbɔ akpe ɖo, 5ale be lãnyiƒe si le dua ƒe akpa eneawo ƒe didime kple kekeme nasɔ; woanye meta alafa asieke le goawo katã me, eye dua ŋutɔ nanɔ titina. 6Mitsɔ sitsoƒedu ade siwo me hlɔ̃dola si meɖo wu ame o la, nasí ayi la na wo. Azɔ la, mitsɔ du bla ene vɔ eve kpe ɖe wo ŋu na wo. 7Ale du siwo katã miatsɔ na Levitɔwo hekpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo ŋu nanye bla ene vɔ enyi. 8Anyigba si to aɖe xɔ la ƒe lolome ŋue wòle be wòana duawo ɖo. To siwo ƒe anyigba lolo la, nana du geɖe, ke esiwo tɔ melolo o la, nana du ʋɛ aɖewo ko.”
Sitsoƒeduwo
(Mos V, 19.1-13; Yos 20.1-9)
9 #
Mos V, 19.2-4; Yos 20.1-9. Aƒetɔ gblɔ na Mose 10be: Gblɔ na Israelviwo be: ‘Ne mietso Yordan-tɔsisi la ge ɖe Kanaan-nyigba dzi la, 11mitia duwo ne woanye sitsoƒe na mi. Du siawo mee ame si meɖo wu ame o la lasí ayi. 12Woanye sitsoƒe na mi le hlɔ̃bialawo ta. Hafi woawu hlɔ̃dola aɖe la, ele be woadrɔ̃ ʋɔnui le ameha la ŋkume. 13Mitia sitsoƒedu ade. 14Etɔ̃ nanɔ Yordan ƒe ɣedzeƒe gome, eye etɔ̃ nanɔ Kanaan-nyigba dzi. 15Du ade siawo nanye sitsoƒe na Israelviwo, amedzrowo kple ame siwo le wo gbɔ la siaa. Ame si meɖo wu ame o la ate ŋu así ayi du siawo dometɔ aɖe me.”
16Ke ne etsɔ lãnu aɖe dza ame aɖe wòku la, enye amewula; ele be woawui. 17Ne etsɔ kpe si adze ame wòaku ƒui wòku la, enye amewula; ele be woawu amewula la. 18Alo ne etsɔ kpo si adze ame wòaku la ƒoe wòku la, enye amewula; ele be woawu amewula la. 19Ame si dze abia hlɔ̃ le ƒomea me la kpɔ mɔ abia hlɔ̃e. Ne edo goe le afi aɖe la, ekpɔ mɔ awui faa. 20Ne ame aɖe lé fu ame aɖe, eye wòtutu ame si wòlé fui la ƒu anyi, alo xlã nu ɖee wòku 21alo ƒoe kple kɔ wòku la, ewu ame, eya ta ele be woawu eya hã. Ame kukua ƒe ƒometɔ ɖe sia ɖe kpɔ mɔ abia hlɔ̃e. Ne edo goe le afi aɖe la, ekpɔ mɔ awui faa.”
22“Mitsɔe be ame aɖe melé fu ame aɖe o, ko wòlɔe ƒu anyi, alo wòda nu wòva dzee, wòku. 23Alo ame aɖe melé fu ame aɖe o alo ɖo vɔ̃ ɖe eŋu o, ko wòda kpe wòva dzee wòku, evɔ mekpɔ amea hafi o. 24Ne eva eme alea la, ameha la nadrɔ̃ ʋɔnu le amewula la kple ƒometɔ si di be yeabia hlɔ̃ la dome ale: 25Ha la naɖe amewula la tso ƒometɔ si di be yeabia hlɔ̃ la si me. Woana woakplɔe agbugbɔ yi sitsoƒedu si me wòsí yi la me, eye wòanɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã si li hafi wòde la naku. 26Ke nenye be amewula la do le sitsoƒedu si me wòsí yi ɖo la me, 27eye ƒometɔ si di be yeabia hlɔ̃e do goe le afi aɖe hewui la, womabu ƒometɔ hlɔ̃biala sia amewulae o. 28Ele be amewula la nanɔ sitsoƒedua me va se ɖe esime nunɔlagã la naku. Le nunɔlagã la ƒe ku megbe la, amewula la kpɔ mɔ agbugbɔ yi aƒe. 29Mina miaƒe dzidzimeviwo nawɔ ɖoɖo siawo dzi le afi sia afi si miayi la.
30 #
Mos V, 17.6; 19.15. “Ne wobe ame aɖe wu ame la, ɖasefo ɖeka nagaɖi ɖase le eŋu ko woabui fɔɖila, awui o. Ele be ɖasefoawo nade eve alo wu nenema godoo. 31Ne ame aɖe wu ame la, ele be woawu eya hã. Megaxe ga aɖe ko woagblẽe ɖi o. 32Ne amewula aɖe sí yi sitsoƒedu aɖe me la, migaɖe mɔ nɛ wòaxe ga ko atrɔ adzo ayi aƒe, esime nunɔlagãa meku haɖe o. 33Amewuwu ɖe wògblẽa kɔ ɖo na anyigba, eya ta migagblẽ kɔ ɖo na anyigba si dzi miele la o. Naneke meli si wotsɔna léa avu anyigba ne ame aɖe wu ame le edzi o, negbe ɖe wowu amewula la hã, eƒe ʋu nakɔ ɖi. 34Migagblẽ kɔ ɖo na anyigba si dzi miele la o, elabe nyee nye Aƒetɔ, eye mele mi Israelviwo dome.”
Trenutno izabrano:
Mose IV 35: EB14
Istaknuto
Kopiraj
Uporedi
Podeli
Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.