Mose IV 30
30
Adzɔgbeɖeɖe ŋu ɖoɖowo
1Mose gblɔ na Israelviwo ƒe toawo ƒe tatɔwo be Aƒetɔ de se be: 2#Mos V, 23.21-23; Mat 5.33. “Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe na Aƒetɔ alo ka atam tsri nane na eɖokui la, megada eƒe nya dzi o. Ele nɛ be wòawɔ nya siwo katã eya ŋutɔ ke nu gblɔ la dzi.
3“Ne ɖetugbi aɖe gale tɔ́a ƒe dzikpɔkpɔ te le eƒeme, eye wòɖe adzɔgbe na Aƒetɔ alo ka atam tsri nane na eɖokui la, 4ele be wòawɔ adzɔgbe si wòɖe alo atam si wòka la dzi, negbe ne tɔ́a se nya la, eye wògbe nɛ la ko. 5Gake ne tɔ́a see, eye wògbe nɛ gbe ma gbe ke la, megawɔ adzɔgbe si wòɖe alo nu si wòka atam tsri la dzi o. Aƒetɔ atsɔe akee, le esi tɔ́a gbe nɛ ta. 6Ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe alo nya ge le enu alo wòka atam tsri nu na eɖokui hafi ɖe srɔ̃, 7eye gbe si gbe srɔ̃a se nyaa wòzi kpi kpɔe la, ekema newɔ eƒe adzɔgbe si wòɖe alo nu si wòka atam tsri la dzi. 8Gake gbe si gbe srɔ̃a se nyaa hegbe nɛ ko la, ekema srɔ̃ae gblẽ eƒe adzɔgbeɖeɖe la kple atam si wòka tsri nu na eɖokui la me nɛ. Aƒetɔ atsɔe akee. 9Ele be ahosi alo nyɔnu srɔ̃tɔ si wogbe la nawɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe kple nu si wòtsri na eɖokui la dzi. 10Ne nyɔnu srɔ̃tɔ aɖe ɖe adzɔgbe alo ka atam hetsri nu na eɖokui, 11eye srɔ̃a see gake zi kpi eye megbe nɛ o la, ele be wòawɔ adzɔgbe siwo katã wòɖe kple nu siwo wòtsri na eɖokui la dzi. 12Ke ne gbe si gbe srɔ̃a se nyaa eye wògbe nɛ la, ekema magawɔ adzɔgbe si wòke nu ɖe la, alo nu si wòtsri la dzi o. Aƒetɔ atsɔe akee elabe srɔ̃ae xe mɔ nɛ be megawɔ wo dzi o. 13Ne nyɔnu srɔ̃tɔ aɖe ɖe adzɔgbe alo ka atam tsri nu na eɖokui la, srɔ̃a kpɔ mɔ ana wòawɔ edzi loo, alo agblẽ eme nɛ. 14Ke ne gbe si gbe srɔ̃a se nya la wòzi kpi, eye megblɔ nya aɖeke o la, ekema nyɔnua awɔ adzɔgbe siwo katã wòɖe alo nu si wòtsri na eɖokui la dzi. Srɔ̃a lɔ̃ ɖe edzi, elabe gbe si gbe wòsee la, megblɔ nya aɖeke o. 15Gake ne srɔ̃ŋutsua se nyaa, zi kpi, eye emegbe hafi wòva gbe na nyɔnua be megawɔ edzi o la, vodada la zu ŋutsua tɔ, eye menye nyɔnua tɔ o.”
16Esiawoe nye ɖoɖo siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe ŋu na ɖetugbi si meɖe srɔ̃ haɖe o, eye wògale tɔ́a ƒeme ko kple nyɔnu si le atsuƒe la.
Trenutno izabrano:
Mose IV 30: EB14
Istaknuto
Kopiraj
Uporedi
Podeli
Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.