Mose IV 27
27
Zelofxad vinyɔnuwo
1Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza nye Zelofxad vinyɔnuwo. Zelofxad nye Xefer vi, ame si nye Gilead vi, ame si nye Maxir vi, ame si nye Manase vi. Vinyɔnu siawo tso Manase, Yosef vi ƒe ƒome me va. 2Wotsi tsitre ɖe Mose, nunɔla Eleazar, amegãwo kple ha blibo la ŋkume le godoƒegbadɔ la nu hegblɔ be: 3“Mía tɔ́ ku le gbedadaƒo, eye viŋutsu aɖeke menɔ esi o. Eya menɔ Korax kple eyomedzela siwo dze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu la dome o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ bubu si wòwɔ la tae wòku ɖo. 4Ɖe wòle be mía tɔ́ ŋkɔ natsrɔ̃ le eƒe ƒome la me, esi viŋutsu menɔ esi o ta? Míedi be nàna anyigba mí ɖe mía tɔ́ nɔviwo dome.”
5Mose tsɔ woƒe nya la yi Aƒetɔ gbɔe, 6eye Aƒetɔ gblɔ nɛ be: 7#Mos IV, 36.2.“Zelofxad vinyɔnuawo ƒe nyaa le me, eya ta na domenyinu wo ɖe wo tɔ́ nɔviwo dome. Na wo tɔ́ ƒe domenyinu la nage ɖe wo si me. 8Azɔ gblɔ na Israelviwo be: ‘Ne ŋutsu aɖe ku, eye viŋutsu mele esi o la, eƒe domenyinu nayi ɖe via nyɔnu si me. 9Ne vinyɔnu aɖeke mele esi o la, woatsɔ eƒe domenyinu na nɔvia ŋutsuwo. 10Ne nɔviŋutsu aɖeke mele esi o la, wonetsɔ eƒe domenyinu na tɔ́a nɔviŋutsuwo. 11Ke ne nɔviŋutsu aɖeke mele tɔ́a si o la, wonetsɔ eƒe domenyinu na eƒe ƒometɔ si tsɔ ɖe egbɔ le ƒomea me la, eye eya nanyi doa me. Esia nanye se kple ɖoɖo na Israelviwo abe ale si Aƒetɔ la gblɔe na wò ene.’ ”
Aƒetɔ tia Yosua be wòanye Mose teƒenɔla
(Mos V, 31.1-8)
12 #
Mos V, 3.23-27; 32.48-52. Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Yi Abarim-to dzi ne nàkpɔ anyigba si metsɔ na Israelviwo la ɖa. 13Ne èkpɔe vɔ la wò hã àku abe nɔviwò Aron ene, 14elabe mi ame evea miesẽ to, gbe nye nya dzi wɔwɔ le Zin-gbedadaƒo. Esime ha blibo la nɔ nyawo gblɔm ɖe ŋunye abe dzre wɔm wole ene la, miena ŋunye kɔ le tsi la gbɔ le wo ŋkume o.” Esia nye dzrewɔtsi la le Kades le Zin-gbedadaƒo. 15Tete Mose gblɔ na Aƒetɔ be: 16“Aƒetɔ, Mawu, gbɔgbɔe nènye, eye nèle amegbetɔwo katã me. Meɖe kuku, tia ame ɖo ha la nu. 17#Fia I, 22.17; Xez 34.5; Mat 9.36; Mar 6.34.Amea anye wo kplɔla si akplɔ wo ayi nugbe, eye wòagakplɔ wo agbɔe, ale be wò ha la naganɔ abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene o.” 18#Mos II, 24.13. Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Tsɔ Yosua, Nun vi, elabe gbɔgbɔ la le eme. Yɔe, eye nàda asi ɖe edzi. 19Kplɔe wòava tsi tsitre ɖe nunɔla Eleazar kple ha blibo ŋkume, eye nàɖee fia le wo katã ŋkume be eyae anɔ ye teƒe. 20Tsɔ ŋusẽ si le asiwò la ƒe ɖe nɛ be Israelviwo ƒe ha blibo la naɖo toe. 21#Mos II, 28.30; Sam I, 14.41; 28.6.Eya anɔ tsitre ɖe nunɔla Eleazar gbɔ eye wòatsɔ Urim#27.21: URIM: Enye nane si ŋudɔ nunɔlawo wɔna le blema tsɔna biaa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu hafi wɔa nane. abia nu nɛ le Aƒetɔ ŋkume. Eƒe nya nue woado ayi afi aɖe, eye eƒe nya nu kee woagagbɔ ava ɖo; eya kple Israel-dukɔ si le egbɔ la, ameha blibo la.” 22Mose wɔ abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ la ene pɛpɛpɛ. Ekplɔ Yosua vɛ, eye wòna wòtsi tsitre ɖe nunɔla Eleazar kple ha blibo la ŋkume. 23#Mos V, 31.23.Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eye abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene la, eɖe gbeƒã be eyae anye ye teƒenɔla.
Trenutno izabrano:
Mose IV 27: EB14
Istaknuto
Kopiraj
Uporedi
Podeli
Želiš li da tvoje istaknuto bude sačuvano na svim tvojim uređajima? Kreiraj nalog ili se prijavi
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.