Mose IV 14:21-23
Mose IV 14:21-23 EB14
Gake le nyateƒe me, zi ale si mele agbe, eye nye ŋutikɔkɔe ayɔ xexeme bliboa la, ŋutsu siawo dometɔ aɖeke made anyigba la dzi o. Wokpɔ nye ŋutikɔkɔe kple dzesi siwo mewɔ le Egipte kple gbedadaƒoa, gake wotem kpɔ zi nane, eye wogbe toɖoɖom. Womade anyigba si ŋu meka atam le be mana wo tɔ́wo la dzi gbeɖe o. Wo dome ame siwo katã do vlom la made o.

