Parallel

1 Mose 16

16
Hagai zu Abram srɔ̃ evelia
1Vi aɖeke menɔ Sarai kple Abram si o. Ke Egipte nyɔnudɔla aɖe nɔ Sarai si. Eŋkɔe nye Hagar. 2Ale Sarai gblɔ na Abram be, “Yehowa te vim. Yi nàdɔ nye kosi gbɔ, ɖewohĩ mado ƒome to edzi.”
Abram lɔ̃ ɖe nya si Sarai gblɔ la dzi. 3Ale esi Abram nɔ Kanaan ƒe ewo megbe la, srɔ̃a, Sarai, tsɔ eƒe Egipte kosi, Hagar na srɔ̃ŋutsua be wòanye srɔ̃a. 4Ale Abram dɔ Hagar gbɔ, eye wòfɔ fu. Esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, dadagbɔgbɔ aɖe va ɖo eme, eye megabua eƒe aƒenɔ Sarai o.
5Le esia ta Sarai gblɔ na Abram be, “Wò vodadae na be nye kosi la doa vlom, togbɔ be nye ŋutɔe tsɔe na wò hã. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.”
6Abram ɖo eŋu be, “Meɖe mɔ na wò be nàhe to na kosi la ale si nèbu be edze.” Ale Sarai wɔ funyafunya Hagar ale gbegbe be wòsi dzo. 7Yehowa ƒe dɔla aɖe kpɔe wòtsi tsitre ɖe vudo aɖe to le Sur mɔ dzi.
8Ale wòbiae be, “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?”
Hagar ɖo eŋu be, “Sisim mele le nye aƒenɔ nu.”
9Yehowa ƒe dɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi wò aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ, 10elabena mana dukɔ gã aɖe nado tso mewò. 11Fifia, èfɔ fu; àdzi ŋutsuvi. Na ŋkɔe be Ismael, si gɔmee nye, ‘Mawu see,’ elabena Yehowa se wò konyifafa. 12Viwò sia anye vi dzeaglã aɖe, eye wòawɔ nu glalaglalã abe tedzi dzeaglã ene! Atsi tsitre ɖe ame sia ame ŋu, eye nenema ke ame sia ame hã atsi tsitre ɖe eŋu. Ke hã la, anɔ teƒe ɖeka kple nɔvia bubuawo.”
13Hagar bia eɖokui be, “Ɖe mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume hafi gale agbe be maƒo nu tso eŋua?” Eya ta eyɔ Yehowa ame si ƒo nu kpli la be, “Mawu si kpɔa nu.”
14Emegbe la, wona ŋkɔ vudo ma be Beer Lahai Roi si gɔmee nye, “Ame si le agbe, eye wòkpɔm la ƒe vudo.” Ele Kades kple Bered dome.
15Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram na ŋkɔe be Ismael. 16Abram xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ade esi Hagar dzi Ismael nɛ.