Zefanya 3
3
Ŋɔdzidodo na Yerusalem.
1Baba na ɖu sẽto, si ƒo ɖi, eye wòsẽa ŋuta! 2Egbe toɖoɖo, eye mena wohe to nɛ o; meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, eye mete ɖe eƒe Mawu ŋu o. 3Eƒe amegawo le eme abe dzata ɖegbe ene, eye eƒe ʋɔnuɖrɔ̃lawo le abe amegãxi, siwo le zã me, eye womekpɔtɔa naneke ɖi na ŋdi o la ene. 4Eƒe nyagblɔɖilawonye toflokowo kple alakpatɔwo; eƒe nunɔlawo ɖo gu nu kɔkɔe la, eye woto vo ɖe se la ŋu. 5Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le wo ɖome, eye mewɔa nu gbegblẽa ɖeke o; eɖea eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ doa goe ŋdi sia ŋɖl, eye medzudzɔnɛ o; ke ame vɔ̃ɖi menya nuka nye ŋukpe o. 6Metsrɔ̃ ɖukɔwo, eye woƒe mɔ̃wo gbã; meɖo gbegbe woƒe ablɔwo, eye ame megatoa wo me yina, o; woƒe ɖuwo gbã zu aƒeɖo, eye ame vɔ le wo me. 7Megblɔ be; Ne evɔ̃m, eye wòna wobe to nɛ la, ekema nyemagblẽ eƒe nɔƒe o, eye nusiwo katã meɖo ɖe eŋu la, mava edzi o; ke wole nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi ɖaa atraɖi. 8Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ asinyenu, vaseɖe gbesigbe manye ɖasefo atso; elabena nye ɖoɖo wònye be, maƒo dukɔwo nu ƒu, eye mana fiaɖuƒewo nakpe ta, ne matrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe heliheli katã akɔ ɖe wo dzi. Elabena nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la.
Mesia ƒe vavaɣi ŋugbedodo.
9Emegbe makɔ nuyi ŋu na dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔ asubɔe. 10Nye ameka, siwo ka hlẽ, amesiwo ɖoa gbe ɖa nam la, atso tɔsisi la ƒe go keme le Kus, eye woahe vɔsanuwo vɛ nam. 11Ɣemaɣi la ŋu magakpe wò le wò nuwɔna, siwo katã nètsɔ to vo ɖe ŋunye la ŋu o; elabena maɖe amesiwo nɔa aseye tsom nɔa ɖa-dam la ɖa le dowòme, eye màgado ɖokuiwò ɖe dzi le nye to kɔkɔe la dzi azɔ o.
12Eye makpɔtɔ dukɔ ɖagbi, si bɔbɔ eɖoku ɖe anyi la, ɖe mewò, eye woaɣia wo ɖokul ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me. 13Israel ƒe ame mamleawo mawɔ nu gbegblẽ o, womaka aʋatso o, eye alakpaɖe manɔ nu me na wo o; ke hoŋ woaɖu nu, eye woatsyɔ akɔ anyi ɖl, amea ɖeke maɖo voɖl na wo o.
14Zion-nyɔnuvi, tso aseye, Israel, ɖo ɣli; Yerusalem-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ, natso aseye tso dzi blibo me! 15Yehowa ɖe wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖa, eye wòkplɔ wò futɔ dzoe; Yehowa, Israel ƒe fia la, le dowòme, nu vɔ̃ɖia ɖeke madzi ŋɔ na wò azɔ o. 16Ɣemaɣi la woagblɔ na Yerusalem be: Megavɔ̃ o; Zion, wò asi megaɖo agblɔ o! 17Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye. Akpɔ dzidzɔ le ŋuwò vevie, azi ɖoɖoe le lɔlɔ̃ me, eye wòakpɔ dzldzɔ atso aseye ɖe ŋuwò! 18Maƒo amesiwo le nu xam, eye wole adzɔge tso takpekpe gbɔ la nu ƒu; mia deviwo wonye, eye ŋukpe le wo dzi. 19Kpɔ ɖa, mawɔ nu kple amesiwo katã te mi ɖe anyi la ɣemaɣi, makpe ɖe ata ŋeŋee tɔwo ŋu, maƒo: amesiwo kaka hlẽ la nu ƒu, eye matso wo awɔ kafukafu kple bubu le anyigba, siwo katã dzi wodo ŋukpe wo le la dzi. 20Ma-kplɔ mi agbɔe ɣemaɣi, eye maƒo mia nu ƒu ɣemaɣi; elabena ne meɖo mi te miekpɔ kple ŋku la, matso mi awɔ bubu kple kafukafu le anyigba dzi ɖukɔwo katã ɖome; Yehowa ye gblɔe!
നിലവിൽ തിരഞ്ഞെടുത്തിരിക്കുന്നു:
Zefanya 3: EWERV
ഹൈലൈറ്റ് ചെയ്യുക
പങ്ക് വെക്കു
പകർത്തുക

നിങ്ങളുടെ എല്ലാ ഉപകരണങ്ങളിലും ഹൈലൈറ്റുകൾ സംരക്ഷിക്കാൻ ആഗ്രഹിക്കുന്നുണ്ടോ? സൈൻ അപ്പ് ചെയ്യുക അല്ലെങ്കിൽ സൈൻ ഇൻ ചെയ്യുക
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: