Marko 13
13
Yesu ƒo nu le Yerusalem fe aƒedozuzu kple Kristo fe vava zi evelia ŋuti, eye wòxlẽ nu nusrɔ̃lawo le ŋudzɔnɔnɔ ŋuti.
1Eye esi wòdo go tso mawuƒe la me la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Nuxala, kpɔ ale kpe siawo kple ale xɔtutu siawo ɖa! 2Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ele xɔtutu gã siawo kpɔm mahã? Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.
3Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Amito la dzi hedze ŋgɔ mawuƒea la, Petro kple Yakobo kple Yohanes kpakple Andrea, woawo ɖeɖe biae bena: 4Gblɔ ɣeyiɣi, si dzi nusiawo lava la, na mí, eye nuka lanye dzesi na ɣeyiɣi, si me nusiawo katã lawu nu mahã? 5Eye Yesu de asi gbɔgbɔ me na wo bena: Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagaflu mi o. 6Ame geɖewo ava le nye ŋkɔa dzi agblɔ bena: Nyee nye si! Eye woaflu ame geɖewo. 7Ke ne miase aʋawo kple aʋaŋutiɣliwo la, migaɖi vo o, ele be, esia nava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o. 8Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋuwo lava teƒeteƒewo, eye dɔwuame lava; nusiawo nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze. 9Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo. 10Eye ele be, woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã. 11Eye ne wokplɔ mi de asi la, migatsi dzimaɖi da ɖi ɖe nusi gblɔ ge miala ŋuti o; ke boŋ nusi woana mi le gaƒoƒo ma dzi la, eya miagblɔ; elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae. 12Eye nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade via asi, eye ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eye woatsɔ wo ana woawui. 13Eye amewo katã wòalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.
14Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi; 15ke amesi le xɔta la, nagaɖi va anyi alo wòayi aɖatsɔ nane atso eƒe xɔ me o; 16eye amesi le abɔ me la, nagatrɔ ava tsɔ eƒe avɔ ayii o. 17Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me! 18Ke mido gbe ɖa bena, miaƒe sisi nagadze vuvɔŋɔli dzi o. 19Elabena ŋkeke mawo lanye xaxa, si tɔgbe meva kpɔ tso nuwɔwɔ, si Mawu wɔ la, ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o. 20Eye ne menye bena, ɖe Aƒetɔ la ɖe ŋkekeawo dzi o la, ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; gake le ame tiatia, siwo wotia ŋuti la, eɖe ŋkekeawo dzi. 21Eye le ɣemaɣi me, ne amea ɖe lagblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, Kristo la le afii alo kpɔ da, ele afime la, migaxɔe se oa. 22Ke aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo latsi tre, eye woawɔ dzesi wo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, ne woaflu ame tiatiawo hã. 23Ke miawo la mikpɔ nyuie! Kpɔ ɖa, megblɔ nuwo katã ɖi na mi!
24Ke le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o; 25ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu. 26Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe geɖe. 27Tete wòadɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso anyigba seƒe vaseɖe dziƒo seƒe. 28Ke misrɔ̃ lododo la le gboti la ŋuti: Ne tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye wòto aŋgbawo la, ekema midze sii bena, dzomeŋɔli le ɖoɖo ge; 29nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, egogo agbo la nu. 30Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge, vaseɖe esime nusiawo katã, nava ve me o. 31Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o. 32Ke le ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma ŋuti la amea ɖeke menyae o, mawudɔla, siwo le dziƒo, hã menyae o, Vi la ŋutɔ hã menyae o, negbe Fofo la ko. 33Mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ; elabena mienya ɣekaɣi azãgbe la le edzi su ge o. 34Ele abe amea ɖe, si yi nugbe, egblẽ eƒe aƒe eɖi, eye wòna ŋusẽ eƒe dɔlawo, amesiame xɔ eƒe dɔwɔwɔ, eye wòde se na xɔnuvi la bena, wòanɔ ŋudzɔ la ene. 35Azɔ la minɔ ŋudzɔ. Elabena mienya ɣekaɣi dzi Aƒetɔ la le vava ge o, eɖanye fiẽ alo zã titina alo koklo kuatɔ alo ŋdi o, 36bena ne eƒe vava ɖi ɖe mi la, ne megakpɔ mi le alɔ̃ me o. 37Ke nusi gblɔm mele na mi la, mele egblɔm na amewo katã bena: Minɔ ŋudzɔ!
നിലവിൽ തിരഞ്ഞെടുത്തിരിക്കുന്നു:
Marko 13: EWERV
ഹൈലൈറ്റ് ചെയ്യുക
പങ്ക് വെക്കു
പകർത്തുക

നിങ്ങളുടെ എല്ലാ ഉപകരണങ്ങളിലും ഹൈലൈറ്റുകൾ സംരക്ഷിക്കാൻ ആഗ്രഹിക്കുന്നുണ്ടോ? സൈൻ അപ്പ് ചെയ്യുക അല്ലെങ്കിൽ സൈൻ ഇൻ ചെയ്യുക
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: