Mateo 3
3
Yohanes gblɔ dzimetɔtrɔnya.
1Le ŋkeke mawo me la Yohanes, mawutsidetanamela, va do, eye wòle gbe ƒã ɖem le Yudea-gbedzi 2le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me: elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ. 3Elabena nenem me sia enye ame, si ŋuti wogblɔ nya ɖi le to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena: „Amesi le ɣli dom le gbeadzi la ƒe gbe enye esi: Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo, miwɔ eƒe mɔtalawo dzɔdzɔe.“ 4Ke Yohanes la ŋutɔ la, kposɔfuwu le eŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi; eye eƒe nuɖuɖu enye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi. 5Tete wotso Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Yordan-nutowo katã me godoo va egbɔ. 6Eye wona wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, le esime woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ. 7Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã? 8Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ, 9eye migabu ne miagblɔ le mia ɖokui me bena: Abraham enye mia fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso keke kpe siawo me ke na Abraham. 10Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. 11Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi; 12amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.
Yohanes de mawutsi ta na Yesu.
13Le ɣemaɣi me Yesu tso Galilea va Yohanes gbɔ le Yordantɔsisi la to, bena woade mawutsi ta na ye. 14Ke Yohanes xe mɔ nɛ gblɔ bena: Nye boŋ wòhiã bena, wò nade mawutsi ta na, eye wòa nèva gbɔnyea? 15Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ. 16Ke esi wode mawutsi ta na Yesu vɔ la, edo go tso taa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wokpe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi: 17eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!
നിലവിൽ തിരഞ്ഞെടുത്തിരിക്കുന്നു:
Mateo 3: EWERV
ഹൈലൈറ്റ് ചെയ്യുക
പങ്ക് വെക്കു
പകർത്തുക

നിങ്ങളുടെ എല്ലാ ഉപകരണങ്ങളിലും ഹൈലൈറ്റുകൾ സംരക്ഷിക്കാൻ ആഗ്രഹിക്കുന്നുണ്ടോ? സൈൻ അപ്പ് ചെയ്യുക അല്ലെങ്കിൽ സൈൻ ഇൻ ചെയ്യുക
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: