1
Marko 14:36
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Eye wòbena: Aba, Fofo! Etea ŋu wɔa nuwo katã; tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nusi nye ŋutɔ melɔ̃ o, negbe nusi wò nèlɔ̃ ko.
താരതമ്യം
Marko 14:36 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
2
Marko 14:38
Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o! Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.
Marko 14:38 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
3
Marko 14:9
Vavã mele egblɔm na mi bena: Afisi ke woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia le, le xexe blibo la katã la, woaƒo nu le nusi nyanu sia wo la hã ŋuti hena ŋkuɖoɖo edzi.
Marko 14:9 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
4
Marko 14:34
Eye wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ!
Marko 14:34 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
5
Marko 14:22
Ke esi wole nua dum la, etsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe me, eye wòtsɔe na wo gblɔ bena: Mixɔe ɖu, esia nye nye ŋutilã.
Marko 14:22 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
6
Marko 14:23-24
Eye wòtso kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo, eye wo katã wono le enu. Eye wògblɔ na wo bena; Esia nye nye nubabla yeye ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta.
Marko 14:23-24 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
7
Marko 14:27
Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Mele alẽkplɔla ƒo ge, eye alẽawo laka ahlẽ.“
Marko 14:27 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
8
Marko 14:42
Mitsi tre, mina midzo! Kpɔ ɖa, amesi le yonyeme mɔ fiãm la, egogo!
Marko 14:42 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
9
Marko 14:30
Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Mele egblom na wò bena: Egbe ƒe zã sia me ke, hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu zi etɔ̃ le gbɔnye.
Marko 14:30 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
ആദ്യത്തെ സ്ക്രീൻ
വേദപുസ്തകം
പദ്ധതികൾ
വീഡിയോകൾ