Yesu ɖo eŋu bena: Gbãtɔ enye: Israel, ɖo to, Aƒetɔ, miaƒe Mawu la, Aƒetɔ ɖeka wònye. Eye nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo, esia nye se gbãtɔ. Evelia nye esia bena: Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Se bubua ɖeke meli, si lolo wu esiawo o.