1
Marko 10:45
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Elabena Amegbetɔvi la hã menye ɖe wòva bena, woasubɔ ye o; ke boŋ bena, yeasubɔ, eye bena, yeatsɔ yeƒe agbe la ana le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.
താരതമ്യം
Marko 10:45 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
2
Marko 10:27
Eye Yesu kpɔ wo du gblɔ bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; gake Mawu gbɔ la woate ŋui; elabena woate ŋu awɔ nusianu le Mawu gbɔ.
Marko 10:27 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
3
Marko 10:52
Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, wò xɔse la ɖe wò! Eye enumake la wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le mɔ la dzi.
Marko 10:52 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
4
Marko 10:9
Azɔ nusi ke Mawu bla ɖekae la, ame nagamã me o.
Marko 10:9 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
5
Marko 10:21
Ke Yesu kpɔe du, eye wòlɔ̃e, gblɔ ne bena: Nu ɖeka susɔ na wò; heyi ɖadzra nusiwo le asiwò, eye natsɔ wo ana ame dahewo; ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme, eye natsɔ atitsoga la.
Marko 10:21 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
6
Marko 10:51
Eye Yesu xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nuka dim nèle be, mawɔ na wòa? Eye ŋkuagbãtɔ la gblɔ nɛ bena: Rabuni, bena makpɔ nu.
Marko 10:51 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
7
Marko 10:43
Ke neganɔ nenema le mia dome o; ke boŋ amesi di bena, yeazu gã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla
Marko 10:43 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
8
Marko 10:15
Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.
Marko 10:15 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
9
Marko 10:31
Ke ame geɖe, siwo nye mlɔetɔwo, lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo.
Marko 10:31 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
10
Marko 10:6-8
Tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedzea me ke la atsu kple asi wòwɔ wòe. Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnua ŋuti, eye wo kpakple eve woanye ŋutilã ɖeka, ale bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko.
Marko 10:6-8 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
ആദ്യത്തെ സ്ക്രീൻ
വേദപുസ്തകം
പദ്ധതികൾ
വീഡിയോകൾ