1
Mateo 26:41
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze telekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.
താരതമ്യം
Mateo 26:41 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
2
Mateo 26:38
Tete wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim.
Mateo 26:38 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
3
Mateo 26:39
Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.
Mateo 26:39 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
4
Mateo 26:28
elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la ta, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.
Mateo 26:28 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
5
Mateo 26:26
Eye esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã!
Mateo 26:26 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
6
Mateo 26:27
Eye wòtso kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo gblɔ bena: Mi katã mino le enu
Mateo 26:27 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
7
Mateo 26:40
Eye wova nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wòkpɔ wo le alɔ me, eye wògblɔ na Petro bena: Ɖe miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka oa?
Mateo 26:40 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
8
Mateo 26:29
Ke mele egblɔm na mí bena: Tso esia dzi la nyemegale weinkutsetse sia me tsi no ge, vaseɖe ŋkeke ma dzi, esi mía kpli mi miano yeye le Fofonye ƒe fiaɖuƒe la me o.
Mateo 26:29 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
9
Mateo 26:75
Eye Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya, si wògblɔ nɛ la dzi bena: Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòdo go, eye wòfa avi vevie.
Mateo 26:75 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
10
Mateo 26:46
Mitsi tre, mina midze! Kpɔ ɖa, amesi le yonyeme mɔ fiãm la gogo.
Mateo 26:46 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
11
Mateo 26:52
Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu wòe.
Mateo 26:52 പര്യവേക്ഷണം ചെയ്യുക
ആദ്യത്തെ സ്ക്രീൻ
വേദപുസ്തകം
പദ്ധതികൾ
വീഡിയോകൾ