Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae. Aƒetɔ, see! Aƒetɔ, tsɔe ke! Aƒetɔ, ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.