4 Mose Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Mose ƒe Agbalẽ Enelia ƒo nu tso Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ tso Sinai to la gbɔ va ɖo Kanaanyigba ƒe liƒo dzi kple dzadzraɖo siwo wowɔ hena gege ɖe ŋugbedonyigba la dzi ŋuti. Le woƒe nu vɔ̃wo kple dzimaxɔse ta la, Mawu meɖe mɔ na wo be woaxɔ woƒe domenyinu la o, ke boŋ ena wotsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene sɔŋ. Le ƒe blaeneawo megbe la, wogatrɔ ɖɔɖɔɖɔ ɖo ta Kanaanyigba la dzi. Azɔ la, wonɔ klalo be yewoawɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi. Wowɔ aʋa kple woƒe futɔwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, eye wodzra ɖo hena gege ɖe ŋugbedonyigba la dzi azɔ.
Emenyawo
Dzadzraɖowɔwɔ hena mɔzɔzɔ la dziyiyi tso Sinai to la gbɔ (1:1–10:10)
Mɔzɔzɔ tso Sinai to la gbɔ yi Kades Barnea (10:11–14:45)
Mɔzɔzɔ tso Kades Barnea yi Moab gbegbe la (15:1–21:35)
Israelviwo wɔ aʋa kple Moabtɔwo kple Balaam (22:1–25:18)
Dzadzraɖowɔwɔ do ŋgɔ na gege ɖe Kanaanyigba la dzi (26:1–36:13)

선택된 구절:

4 Mose Ŋgɔdonya: AL

하이라이트

복사

비교

공유

None

모든 기기에 하이라이트를 저장하고 싶으신가요? 회원가입 혹은 로그인하세요