Logo YouVersion
Icona Cerca

Galatiatɔwo Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Paulo ye ŋlɔ agbalẽ sia na Galatiatɔwo. Ame aɖewo gblɔ be hafi ame aɖe nanye kristotɔ adodoea la, ele nɛ be wòalé Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo katã me ɖe asi pɛpɛpɛ. Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na Galatiatɔwo hefia be kristotɔnyenye vavãtɔ mele Yudatɔnyenye alo Mose ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, ke boŋ ele Kristo dzixɔse me, eye to Kristo me ko míate ŋu awɔ ɖeka kple Mawu le. Efia hã be ele be kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ naɖe eɖokui afia to lɔlɔ̃, si doa go tso Kristo dzixɔse me la me. Ete gbe ɖe kristotɔwo ƒe zɔzɔ le gbɔgbɔ me dzi.
Emenyawo
Ŋgɔdonya (1:1-9)
Mawu ƒe ɖeɖefia tɔxɛ aɖe na Paulo (1:10–2:21)
Nufiafia tso xɔse vavãtɔ ŋu (3:1–4:31)
Nu siwo dzea kristotɔwo ƒe ablɔɖekpɔkpɔ yome (5:1–6:10)
Taƒonyawo (6:11-18)

Attualmente Selezionati:

Galatiatɔwo Ŋgɔdonya: AL

Evidenzia

Copia

Confronta

Condividi

None

Vuoi avere le tue evidenziazioni salvate su tutti i tuoi dispositivi?Iscriviti o accedi