Mose II 36
36
1Ale Bezaleel kple Oholiab kpakple ŋutsu siwo ƒe tagbɔ aɖaŋu le, ame siwo me Aƒetɔ de nunya kple gɔmesesee, be woate ŋu anya ale si woawɔ kɔkɔeƒe la tutu ŋu dɔwo katã la, nawɔ nu siwo katã Aƒetɔ de se be woawɔ la.”
Dukɔ la tsɔ nunana geɖewo vɛ
2Mose yɔ Bezaleel, Oholiab kple ame siwo katã ŋu ŋutete le, siwo Aƒetɔ de aɖaŋu tagbɔ na, eye wose le woƒe dzime be ele be yewoava wɔ dɔa la ƒo ƒui be woawɔ dɔa. 3Woxɔ lɔlɔ̃nu nunana siwo katã Israelviwo tsɔ vɛ be woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ƒe dɔ la, le Mose si. Amewo ganɔ lɔlɔ̃nu faa nunanawo tsɔm vɛ nɛ kokoko ŋdi sia ŋdi. 4Ale be ame siwo katã ŋu ŋutete le, wole dɔ wɔm le kɔkɔeƒe la ŋu la dome ame sia ame tso le eƒe dɔ si wɔm wòle la gbɔ va, 5eye wogblɔ na Mose be: “Dukɔ la tsɔ nu geɖe wu esi hiã na dɔ si Aƒetɔ be míawɔ la vɛ.”
6Ale Mose ɖe gbe, woɖe gbeƒã le asaɖa la me be: “Ŋutsu o, nyɔnu o, ame aɖeke megatsɔ naneke vɛ azɔ hena kɔkɔeƒe la tutu o.” Tete wona dukɔ la dzudzɔ nuwo tsɔtsɔ vɛ. 7Le nyateƒe me la, nuawo sɔ gbɔ de dɔ la katã wɔwɔ nu xoxo, eye wògbɔ edzi gɔ̃ hã.
Takpeƒegbadɔ la tutu
(Mos II, 26.1-37)
8Ame siwo katã ŋu ŋutete le wu le wo tɔwo dome la tsɔ xɔmetsovɔ ewo wɔ agbadɔ lae. Wotsɔ ɖeti ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dzẽ lɔ̃e, eye wowɔ kerubiwo ɖe wo ŋu. 9Xɔmetsovɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe didime nye meta wui eve, eye eƒe kekeme nye meta eve; avɔawo katã ƒe lolome sɔ.
10Ekpe avɔ atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, eye wògakpe atɔ̃ hã ɖe wo nɔewo nu. 11Etɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka kotoewo ɖe avɔ kpekpea ƒe to ɖeka, eye wògatɔe ɖe avɔ kpekpe evelia ƒe to evelia hã. 12Etɔ ka kotoe bla atɔ̃ ɖe avɔ ɖeka to, eye wòtɔ ka kotoe bla atɔ̃ hã ɖe avɔ kpekpe evelia to; ka kotoeawo le wo nɔewo kasa. 13Etsɔ sika tu ganuvi bla atɔ̃, eye wòtsɔ ganuviawo lé avɔawo wozu ɖeka; ale wòzu nɔƒe blibo.
14Etsɔ gbɔ̃fu lɔ̃ avɔ wuiɖekɛ be woatsɔ agba nɔƒe la tame. 15Avɔ ɖeka ƒe didime nye meta wui ene eye wòkeke meta eve; avɔ wuiɖekɛawo katã ƒe lolome sɔ. 16Ekpe avɔ atɔ̃ vovo, eye wòkpe ade hã vovo. 17Etɔ ka kotoe bla atɔ̃ ɖe avɔ kpekpea ƒe to ɖeka, eye wògatɔ ka kotoe bla atɔ̃ ɖe avɔ kpekpe evelia ƒe to ɖeka. 18Etsɔ akɔbli tu ganuvi bla atɔ̃ hetsɔ kpe agbadɔvɔawo wozu ɖeka. 19Ewɔ agbogbalẽ kple gbɔ̃gbalẽ tsɔ gba agbadɔ la dzi.
20Etsɔ xeti kpa ʋɔtruti siwo alé nɔƒea ɖe te la. 21Ʋɔtruti ɖeka ƒe didime nye meta ene eye wòkeke sentimeta bla ade vɔ ade. 22Ekpa ati ɖeka gɔme wòdze eve ale be wòate ŋu alí anyi. Ekpa nɔƒe la ƒe ʋɔtrutiawo katã gɔme alea. 23Ati siwo wòwɔ na nɔƒe la le ale: ʋɔtruti bla eve le anyigbeme gome. 24Etsɔ klosalo wɔ afɔ bla ene ɖe wo gɔme ale be afɔ eve le ʋɔtruti ɖe sia ɖe te. 25Wowɔ ʋɔtruti bla eve na nɔƒe la ƒe axa evelia si le dzigbeme gome, 26eye wòtsɔ klosalo wɔ afɔ bla ene ɖe wo ŋu; afɔ eveve le ʋɔtruti ɖeka gɔme. 27Ewɔ ʋɔtruti ade ɖe nɔƒea ƒe akpa si le ɣetoɖoƒe gome, 28eye wòwɔ ʋɔtruti eve ɖe dzogoe ɖe sia ɖe me na nɔƒe la le megbe gome. 29Wo gɔme kple wo tame kpe le ʋɔtrutiawo ŋu, ale be asigɛ ɖeka nanɔ wo ŋu. Alea wowɔ wo ame eve lae le dzogoe eveawo dzi. 30Wo katã le ʋɔtruti enyi siwo gɔme klosalofɔ wui ade le; afɔ eveve le ʋɔtruti ɖe sia ɖe gɔme.
31Etsɔ xeti kpa gameti atɔ̃ ɖe ʋɔtruti siwo le nɔƒe la ƒe axa ɖeka ŋu, 32gameti atɔ̃ ɖe ʋɔtruti siwo le nɔƒe la ƒe axa evelia ŋu kple gameti atɔ̃ ɖe ʋɔtruti siwo le nɔƒe la megbe le ɣetoɖoƒe gome la ŋu. 33Ewɔ gameti dometɔ wòto ʋɔtrutiawo titina, tso go ɖeka me va se ɖe go evelia dzi. 34Efa sika ɖe ʋɔtrutiawo ŋu, eye wòtsɔ sika tu wo ŋu sigɛ siwo me woaƒo gametiawo ɖo; efa sika ɖe gametiawo hã ŋu.
35Etsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wòwɔ kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. 36Etsɔ xeti kpa sɔti ene ɖe eŋu hefa sika ɖe wo ŋu. Ga gɔdɔ̃e si le wo ŋu la nye sika, eye wòkɔ klosalofɔ ene ɖe wo gɔme. 37Etsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ, tsɔ abui ɖo nuwo ɖe eme aɖaŋutɔe be woatsɔ atu agbadɔ la nu. 38Ewɔ sɔti atɔ̃ kple wo ŋu ga gɔdɔ̃eawo ɖe eŋu, eye wofa sika ɖe wo tame kple woƒe helétiwo ŋu, ke etsɔ akɔbli wɔ afɔ atɔ̃ ɖe wo gɔme.
اکنون انتخاب شده:
Mose II 36: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.