Mose II 34
34
Mawu tsɔ kpe eve bubu na Mose
(Mos V, 10.1-5)
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpa kpe bubu eve ne woanɔ abe gbãtɔawo ene, eye nàŋlɔ kpe gbãtɔ siwo nègbã la ƒe nyawo ɖe wo dzi. 2Dzra ɖo, etsɔ ŋdi nàlia Sinai-to la naɖanɔ lalayem le etame. 3Ame aɖeke megalia to la kpli wò o. Mègana woakpɔ ame aɖeke le to bliboa ƒe afi aɖeke o; mègana alẽha alo nyiha hã nava ɖu gbe le toa gbɔ o.” 4Ale Mose kpa kpe eve abe gbatɔ̃awo ene. Efɔ ŋufɔke ŋdi kanya, tsɔ kpeawo ɖe asi eye wòlia to la yi etame abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene. 5Aƒetɔ le alilikpo me ɖi va, hetsi tsitre ɖe egbɔ eye wòɖe gbeƒã Aƒetɔ ŋkɔ. 6#Mos II, 20.5, 6; Mos IV, 14.18; Mos V, 5.9, 10; 7.9, 10.Tete wòva to Mose ŋkume yina, eye wòɖe gbeƒã be: “Aƒetɔ, Aƒetɔ, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela, ame si gbɔa dzi blewuu eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ. 7Evea amegbetɔwo nu le dzidzime akpe nanewo me, eye wòtsɔa vodadawo, dzidadawo kple nuvɔ̃wo kena, ke megbea tohehe na ame o. Exea vi tɔ́wo ƒe vodadawo ŋuti fe na viwo kple wo viwo ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.” 8Tete Mose wɔ kaba, de ta agu eye wòdo gbe ɖa. 9Egblɔ be: “Aƒetɔ, ne èkpɔ ŋudzedze le ŋunye azɔ la, Aƒetɔ, meɖe kuku, va kplɔ mí yii. Togbɔ be dukɔ kɔlialiatɔe nye dukɔ sia hã la, tsɔ míaƒe vodadawo kple míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, eye nàgalɔ̃ axɔ mí abe wò domenyinu ene.”
Wogbugbɔ nubabla la wɔ yeyee
(Mos II, 23.14-19; Mos V, 7.1-5; 16.1-7)
10Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, mebla nu kpli wò. Mele nukunu siwo ƒomevi womewɔ le anyigba blibo la dzi alo le dukɔ aɖeke me kpɔ o la wɔ ge le wò dukɔ blibo la ŋkume. Dukɔ blibo si dome nèle la akpɔ Aƒetɔ ƒe nukunu, elabe nu dziŋɔ wònye wɔ ge mala.
11“Lé ŋku ɖe se siwo dem mele na wò egbe la ŋu. Kpɔ ɖa, manyà Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le mia ŋgɔ. 12Kpɔ nyuie be nàgabla nu kple anyigba si dzi yim miele la dzi tɔwo o, be womagava zu mɔ̀ ɖe mia dome o. 13#Mos V, 16.21. Ke boŋ mimu woƒe vɔsamlekpuiwo, migbã woƒe legbawo, eye mitso woƒe nyɔnumawu Asera-tiwo ƒu anyi.
14(Migasubɔ mawu bubu aɖeke o elabe Aƒetɔ, si ŋkɔe nye Ŋuʋaʋã la, Mawu ʋãŋu wònye.) 15Mègabla nu kple anyigba la dzi tɔwo gbeɖe o. Ne menye nenema o la, ne wole woƒe trɔ̃nuwo wɔm la, woayɔ wò be nàva ɖu woƒe vɔsanuawo. 16Eyome àɖe wo vinyɔnuwo na viwò ŋutsuwo, eye ne wo vinyɔnuwo le woƒe trɔ̃nuwo wɔm la, woana viwò ŋutsuwo hã nasubɔ woƒe mawuawo.
17 #
Mos II, 20.4; Mos III, 19.4; Mos V, 5.8; 27.15. “Mègakɔ̀ mawu aɖeke na ɖokuiwò o.
18 #
Mos II, 12.14-20; Mos III, 23.6-8; Mos IV, 28.16-25. “Ɖo ŋku Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la dzi mianɔ ɖuɖum. Ɖu abolo si me womede amɔwɔʋãnui o la ŋkeke adrẽ le nuŋeɣleti, Abib, me abe ale si meɖoe na mi la ene, elabe ɣleti, Abib, mee mieʋu dzo le Egipte.
19 #
Mos II, 13.2. Nu sia nu si ʋu dɔ nu na nɔa la, tɔnyee. Wò lãwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu, nyi o, alẽ o, tɔnyee. 20#Mos II, 13.13. Gake ne tedzi dzi vi gbãtɔ wònye atsu la, ele be nàtsɔ alẽvi aɖɔlii, eye ne maɖɔlii o la, ekema nàŋe kɔ le enu. Ele be miaɖɔli miaƒe viŋutsu ŋgɔgbeawo katã ta. Ame aɖeke megava ŋkunye me asi ƒuƒlu o.
21 #
Mos II, 20.9, 10; 23.12; 31.15; 35.2; Mos III, 23.3; Mos V, 5.13, 14. “Wɔ dɔ ŋkeke ade, eye nàdzudzɔ le ŋkeke adrẽa gbe. Nuŋlɔɣi wòɖanye o, nuŋeɣi wòɖanye o, dzudzɔ ɖokuiwò.
22 #
Mos III, 23.15-21; Mos IV, 28.26-31;
Mos III, 23.39-43. Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyui la, ne ède asi lu gbãtɔwo ŋeŋe me, eye nàɖu avaɖoɖoŋkekenyui le ƒea ƒe nuwuwu. 23Ele na wò ŋutsuwo katã be woava Aƒetɔ, Mawu la, Israel ƒe Mawu la, ŋkume zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me. 24Elabe manyà dukɔwo ɖa le ŋgɔwò eye makeke wò liƒowo ɖe enu. Ne èyi Aƒetɔ, wò Mawu la ŋkume zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me la, wò anyigba madzro ame aɖeke o.
25 #
Mos II, 12.10. “Mègatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu sa vɔe kpe ɖe amɔwɔʋãnu ŋu o. Mègagblẽ lã si nàtsɔ sa vɔe le Paska ɖugbe la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o. 26#Mos V, 26.2; Mos V, 14.21. Ƒe sia ƒe la, nàtsɔ wò agblemenuku gbãtɔ si nèŋe la va Aƒetɔ ƒe aƒe la me. Mègaɖa gbɔ̃vi le nɔa ƒe notsi me o.”
27Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ŋlɔ nya siawo ɖi, elabe nya siawo dzie mebla nu kpli wò kple Israel ɖo.” 28Mose nɔ Aƒetɔ gbɔ le toa dzi, ŋkeke bla ene, zã bla ene, nu maɖumaɖu, tsi manomanoe eye wòŋlɔ nubabla la ƒe nyawo ɖe kpeawo dzi. Nya siawoe nye Se Ewoawo.
Mose ɖi tso Sinai-to la dzi
29 #
Kor II, 3.7-16. Esi Mose lé kpe eveawo, siwo dzi Se Ewoawo le la ɖe asi, eye wòɖi tso Sinai-toa dzi gbɔna la, eƒe mo nɔ keklẽm, esi wòƒo nu kple Aƒetɔ ta, gake menya o. 30Aron kple Israelviwo ƒe ha blibo la kpɔ be eƒe mo nɔ keklẽm. Vɔvɔ̃ ɖo wo eye womedi be yewoate ɖe eŋu o. 31Ke Mose do ɣli yɔ wo le adzɔge. Aron kple ameha la ƒe kplɔlawo yi egbɔ azɔ, eye wòƒo nu kpli wo. 32Eyome Israel-ha blibo la va ƒo ƒu ɖe eŋu. Tete wògblɔ se siwo katã Aƒetɔ de na dukɔa le toa dzi la na wo. 33Esi wòƒo nu kpli wo vɔ la, etsɔ motsyɔvɔ tsyɔ mo. 34Ɣe sia ɣi si wòyina ɖe godoƒegbadɔ la me be yeaƒo nu kple Aƒetɔ la, eɖea motsyɔvɔ la ɖa le mo. Ne edo go va le Aƒetɔ ƒe gbedeasiwo gblɔm na dukɔa la, 35Israelviwo kpɔna be eƒe mo le keklẽm. Tete wògatsɔa motsyɔvɔ la tsyɔa mo va se ɖe esime ɣeyiɣia gaɖona wògayina ɖaƒoa nu kple Aƒetɔ.
اکنون انتخاب شده:
Mose II 34: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: