Mose II 32
32
Sikanyivi la
(Mos V, 9.6-29)
1 #
Dɔw 7.40. Esi Israelviwo kpɔ be Mose tsi toa dzi ŋutɔ, mele gbɔgbɔm o la, woƒo wo ɖokui nu ƒu, yi Aron gbɔ eye wogblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, wɔ mawu na mí, ne wòanɔ mía ŋgɔ le míaƒe mɔzɔzɔa me elabe míenya nu si dzɔ ɖe ŋutsu, Mose ma, si kplɔ mí dzoe le Egipte-nyigba dzi la dzi o.”
2Aron gblɔ na wo be: “Miɖe sikatogɛ siwo le mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo ƒe towo me la vɛ nam.” 3Ale wo katã woɖe woƒe sikatogɛwo vɛ na Aron. 4#Fia I, 12.28; Dɔw 7.41. Aron xɔ wo, lólo, tsɔ pɛ trɔ asi le eŋu eye wòtsɔe kɔ̀ sikanyivii. Tete wogblɔ be: “O! Israel, wò mawuwoe nye esiawo! Woawoe kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi!” 5Tete Aron ɖi vɔsamlekpui ɖe sikanyivi la ŋgɔ, eye wòdo kpó na dukɔa be: “Etsɔ la, míaɖu ŋkekenyui na Aƒetɔ.” 6#Kor I, 10.7. Le ŋufɔke ŋdi kanya la, wowɔ numemevɔsawo, eye wotsɔ ŋutifafavɔsawo vɛ. Dukɔ la bɔbɔ nɔ anyi, ɖu nu, no nu, eyome wotso eye wode asi fefe me.
7Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ɖi toa nàyi. Wò dukɔa, ame siwo nèkplɔ tso Egipte-nyigba dzi la wɔ nu gbegblẽ. 8Wotra mɔ xoxo; wokɔ̀ nyivi na wo ɖokui de ta agu nɛ le esubɔm. Wosa vɔ nɛ gɔ̃, eye wole gbɔgblɔm be: ‘Wò mawue nye esia, O Israel; eyae kplɔ wò dzoe le Egipte-nyigba dzi.’ ” 9Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Eme kɔ be dukɔ sia la, dukɔ kɔlialiatɔ wonye. 10Na mafiãe ɖe eme na wo; matsrɔ̃ wo. Ke wò la, mawɔ wò nàzu dukɔ gã aɖe.”
11 #
Mos IV, 14.13-19. Gake Mose ƒo koko na Aƒetɔ, eƒe Mawu la, be: “O, Aƒetɔ, ale ke nàtsɔ ŋusẽ triakɔ kple kalẽsi akplɔ wò dukɔ adzoe le Egipte-nyigba dzi vɔ ko ana wò dɔmedzoe nabi ɖe wo ŋu flaflafla ale? 12Ale ke nàna mɔnu Egiptetɔwo nanɔ gbɔgblɔm be: ‘Vɔ̃ wòɖo ɖe wo ŋu tae wòkplɔ wo dzoe! Ɖe wòkplɔ wo dzoe be yeaɖawu le towo dome, ne yeatsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzia? Na wò dɔmedzoe sesẽ la nu nabɔbɔ, eye wò dzi nafa. Mègawɔ nu si nèɖo be yeawɔ atsɔ he to na wò dukɔ la o. 13#Mos I, 22.16, 17; 17.8. Ɖo ŋku wò dɔla Abraham, wò dɔla Isak kple wò dɔla Israel, ame siwo wò ŋutɔ nèka atam na be: ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba blibo sia si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo be wòanye wo tɔ tegbee’ la dzi.” 14Tete Aƒetɔ ƒe tame trɔ eye wòɖe asi le dzɔgbevɔ̃e gã si wòɖo ɖe eƒe dukɔa ŋu la ŋu.
15Mose trɔ eye wòde asi toa ɖiɖi me. Elé kpe eve siwo ƒe akpa eveawo woŋlɔ seawo ɖo la ɖe asi. 16Mawu ŋutɔe kpa kpe eveawo, eye Mawu ŋutɔe ŋlɔ nuawo ɖe wo dzi.
17Esi Yosua se dukɔa ƒe ɣli la, egblɔ na Mose be: “Aʋaɣli le ɖiɖim le asaɖa la me!”
18Ke Mose xɔ edzi be: “Menye dziɖuɣli alo aʋasiameɣli sem mele o; ke boŋ hadzidzi sem mele.”
19Esi wòte tu asaɖa la eye wòkpɔ nyivi la kple ale si amewo le ɣe ɖumee la, dɔme vee ale gbegbe be wòxlã kpe siwo wòlé ɖe asi la ɖi, wogbã ɖe toa te. 20Exɔ nyivi si wowɔ la le wo si, tɔ dzoe wòfiã. Etui memie wòzu wɔ. Ekɔe ɖe tsi me, eye wòna Israelviwo noe.
21Tete Mose bia Aron be: “Nu ka dukɔ sia wɔ wò ta nèhe wo de nuvɔ̃ gã me ale?” 22Aron ɖo eŋu be: “Nye aƒetɔ, meɖe kuku, mègado dziku o; wò ŋutɔ ènya dukɔa be nu gbegblẽ ko wowɔna ɖe! 23Elabe wogblɔ nam be: “Wɔ mawu siwo adze ŋgɔ na mí la na mí, elabe Mose, ŋutsu ma, si kplɔ mí dzoe le Egipte-nyigba dzi la, míenya nu si dzɔ ɖe edzi o.’ 24Ale megblɔ na wo be: ‘Ame si si sika le la netsɔe vɛ nam.’ Wotsɔe vɛ nam eye metsɔe ƒu gbe ɖe dzo me ko wòtrɔ zu nyivi sia.”
25Mose kpɔ be dukɔ la dze aglã le Aron ƒe nuwɔna ta eye wodo ŋukpe wo ɖokui le woƒe futɔwo ŋkume. 26Eya ta eyi ɖatsi tsitre ɖe asaɖa la ƒe agbo nu, eye wòdo ɣli be: “Ame kae le Aƒetɔ ƒe akpa dzi? Neva gbɔnye afii!” Tete Levi viwo katã yi egbɔ. 27Egblɔ na wo be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: Ŋutsu sia ŋutsu nesa eƒe yi ɖe ali. Mige ɖe asaɖa la me, tso afii yi afi mɛ, tso agbo nu yi agbo nu. Ame sia ame newu nɔvia ŋutsu, xɔlɔ̃a kple eƒe aƒelika.” 28Levi viwo wɔ nu si Mose gblɔ, eye ŋutsu akpe etɔ̃ lɔƒo ku le dukɔ la me gbe ma gbe. 29Mose gblɔ na wo be: “Egbe la, mia dome ame sia ame ɖo eɖokui nunɔlae, be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ. Ame sia ame tsɔ via ŋutsu alo nɔvia ŋutsu sa vɔe, be wòakɔ yayra ɖe mia dzi.”
30Le ŋufɔke la, Mose gblɔ na dukɔ la be: “Miewɔ nuvɔ̃ gã ŋutɔ, eya ta magalia to la ayi Aƒetɔ gbɔ. Ɖewohĩ mate ŋu alé avui le miaƒe nuvɔ̃wo ta.” 31Ale Mose gatrɔ yi Aƒetɔ gbɔ gblɔ be: “Ao, Aƒetɔ! Dukɔ sia wɔ nuvɔ̃ gã ŋutɔ; wowɔ sikamawuwo na wo ɖokui. 32#Ps 69.28; Nyaɖ 3.5. Meɖe kuku, tsɔ woƒe nuvɔ̃ ke wo, ne menye nenema o la, ekema ɖeko nàtutu nye ŋkɔ ɖa le agbalẽ si nèŋlɔ la me.”
33Ke Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ame si wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye la eya ƒe ŋkɔe matutu ɖa le nye agbalẽ me. 34Ke azɔ la, heyi nàɖakplɔ dukɔ la yi afi si megblɔ na wò. Kpɔ ɖa, nye dɔla adze ŋgɔwò. Gake gbe si gbe mava srã wo kpɔ la mava kple woƒe nuvɔ̃ ŋu tohehe.”
35Aƒetɔ ɖo dɔ vɔ̃ ɖe dukɔ la dome, elabe wona Aron wɔ nyivi na wo.
اکنون انتخاب شده:
Mose II 32: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: