Mose II 30

30
Vɔsamlekpui hena lifidzudzɔdodo
(Mos II, 37.25-28)
1“Tsɔ xé wɔ vɔsamlekpui si dzi woado lifidzudzɔ ɖo. 2Eƒe didime nanye sentimeta bla ene vɔ atɔ̃, kekeme hã sentimeta bla ene vɔ atɔ̃; dzogoe sɔsɔe ene nanɔ esi eye eƒe kɔkɔme nanye sentimeta bla asieke. Vɔsamlekpuia kple eƒe dzoawo katã nanye nu blibo ɖeka. 3Fa sika nyuitɔ ɖe eŋu katã; etame, ekɔgo kple eƒe dzoawo ŋu, eye nàtsɔ sika do atsiã ɖe eŋu kpe ɖo. 4Wɔ sikasigɛ eveve ɖe eƒe axa eveawo dzi, ɖe atsiãdodo la te, bene woaƒo kpo ɖe eme akɔe. 5Tsɔ xé kpa kpoawo, eye nàfa sika ɖe wo ŋu. 6Tsɔ vɔsamlekpui sia ɖo xɔmetsovɔ, si megbe nubablaɖaka si dzi wotsyɔ nui la, le la ŋgɔ. Afi siae mado go wò le. 7Aron nanɔ dzo tɔm lifi si ʋẽna lílili la le edzi. Ŋdi sia ŋdi, ne edzra akaɖiawo ɖo vɔ la, netɔ dzo lifi le edzi, 8eye le fiẽ me, ne esi akaɖiawo vɔ la, negatɔ dzo lifi le edzi. Esia nanye lifidzudzɔvɔsa le Aƒetɔ ŋkume le miaƒe dzidzimewo katã me. 9Migatsɔ lifi makɔmakɔ aɖeke va edzi o; migatsɔ numemevɔsa alo nuɖuɖuvɔsa bubu aɖeke hã va edzi o, eye migakɔ nunonovɔsa hã ɖe edzi o. 10Aron natsɔ nuvɔ̃ vɔsalã si nye avulénu la ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu, zi ɖeka le ƒè ɖeka me. Awɔ nu sia ƒè sia ƒè tso dzidzime yi dzidzime; nu kɔkɔetɔ kekeake wònye na Aƒetɔ.”
Nudzɔdzɔ hena Aƒetɔ Nɔƒegbadɔ la
11Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 12“Ne èle Israel-dukɔa me tɔwo xlẽm la, ekema ame ɖe sia ɖe naxe fe ɖe eƒe agbe ta na Aƒetɔ, ne èxlẽ wo, be dɔ vɔ̃ɖi aɖeke magaɖo wo dome, esi woxlẽ wo la ta o. 13#Mos II, 38.25, 26; Mat 17.24. Ame sia ame si woxlẽ la dometɔ ɖe sia ɖe nadzɔ klosalo ga afã ɖe kɔkɔeƒe la ƒe nudzidze nu. Gera bla eve wɔa klosalo ɖeka. Woadzɔ klosalo ga afã na Aƒetɔ. 14Ame sia ame si woxlẽ eye wòxɔ ƒe bla eve alo wu nenema la, nadzɔ nu na Aƒetɔ. 15Kesinɔtɔ mana wu o, eye ame dahe maɖe le edzi o; klosalo afãafã ame ɖe sia ɖe adzɔ na Aƒetɔ ɖe eƒe agbe ta. 16Nàzã ga si Israel-dukɔa me tɔwo na ɖe woƒe agbe ta ɖe godoƒegbadɔ la ƒe dɔ ŋu, bene wòanye ŋkuɖodzinu kple avulénu na Israel-dukɔ la le Aƒetɔ ŋkume.”
Akɔblitsileze la
17Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 18#Mos II, 38.8. “Tsɔ akɔbli wɔ tsileze, eye nàtsɔ akɔbli ke aɖo zɔ ɖe egɔme. Dae ɖe godoƒegbadɔ la kple vɔsamlekpui la domee eye nàku tsi ɖe eme. 19Aron kple via ŋutsuwo atsɔe aklɔ asi kple afɔe. 20Ne wole godoƒegbadɔ la me yi ge alo ne wole tete ge ɖe vɔsamlekpui ŋu asubɔ, asa dzovɔ na Aƒetɔ la, ele be woale tsi; ne menye nenema o la, woaku. 21Ele be woaklɔ asi kple afɔ, ne menye nenema o la, woaku. Esia nanye ɖoɖo si dzi woawɔ tegbee; enye ɖoɖo na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le woƒe dzidzimewo katã me.”
Ami kɔkɔe la
22 # Mos II, 37.29. Gawu la, Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 23“Tsɔ atike ʋeʋẽe nyuitɔ siwo ʋẽna lílilĩ siwo nye: lifi lãhɛtɔ kilo ade, botsyo kilo etɔ̃, gbekee kilo etɔ̃, 24kotoklobo kilo ade, wo katã ɖe kɔkɔeƒe la ƒe nudzidze nu eye nàku ami lita ene kɔ ɖe wo dzi. 25Tsɔ wo wɔ ami kɔkɔe lae abe ale si ami ʋeʋẽe ɖalawo wɔna la ene; ami kɔkɔe si woasi na nu wòanye. 26Sii na godoƒegbadɔ la, nubablaɖaka la, 27kplɔ̃ la kple eŋu nuwo katã, akaɖiti la kple eŋu nuwo katã, lifivɔsamlekpui la, 28numemevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã kple tsileze la kple eƒe zɔ hã. 29Kɔ wo ŋuti be woazu nu kɔkɔetɔwo kekeake, ale be nu sia nu si aka wo ŋu la, nazu kɔkɔe. 30Si ami na Aron kple via ŋutsuawo nam, awɔ wo kɔkɔe, be woasubɔm abe nunɔlawo ene. 31Gblɔ na Israelviwo be: ‘Esia anye nye ami kɔkɔe si woasi na nu le miaƒe dzidzimewo katã me. 32Womasii na ame ɖe sia ɖe o, eye womawɔ etɔgbe hã o; ele kɔkɔe eye wòanye nu kɔkɔe na mi. 33Ne ame aɖe wɔ ami sia ƒomevi alo sii na ame aɖe si mele be woasii na hafi o la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔmetɔwo dome.’ ”
Lifi la
34Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Tsɔ atike siwo ʋẽna lililĩ siwo nye: lifi lãhɛtɔ, ƒumebɔbɔgo kple atimitsi ƒomevi vovovowo ƒo ƒu; ɖeke negasɔ gbɔ wu nɔvia o. 35Tsɔ wo wɔ lifidzudzɔdonui abe ale si ami ʋeʋẽe wɔlawo wɔnɛ ene. De dze eme be wòadza anɔ kɔkɔe. 36Tu eƒe sue aɖe memee eye nàtsɔe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le agbadɔ la me, afi si mado go wò le. Nu kɔkɔetɔ kekeake wòanye na mi. 37Migawɔ lifidzudzɔdonu si miawɔ la tɔgbe aɖeke na mia ɖokui o, ke boŋ miabui nu kɔkɔe na Aƒetɔ. 38Ame sia ame si awɔ etɔgbe be yeawɔ eŋudɔ abe ami ʋeʋẽe ene la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔmetɔwo dome.”

اکنون انتخاب شده:

Mose II 30: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید