Mose II 29
29
Ale si woaɖo Aron kple viŋutsuwo nunɔlawoe
(Mos III, 8.1-36)
1“Azɔ nu si nàwɔ na wo be nàwɔ wo kɔkɔe, ne woazu nunɔlawo asubɔm lae nye esi: Lé nyitsu ɖagbee ɖeka kple agbo eve siwo naneke mewɔ afi aɖeke na o la. 2Tsɔ wɔ memee ƒo abolo maʋamaʋã kple aboŋgo maʋamaʋã. Tɔ tatali maʋamaʋã eye nàkɔ ami ɖe edzi. 3Fɔ wo de kusi me tsɔ ɖe asi, eye nàkplɔ nyitsu la kple agbo eveawo vɛ. 4Kplɔ Aron kple via ŋutsuawo va godoƒegbadɔ la nu eye nale tsi na wo. 5Fɔ awuawo vɛ, eye nàdo awutewui ʋlaya la kple dziwui la kpakple kɔmewu la na Aron. Gba wo dzi nɛ kple akɔtagbanu eye nàtsɔ akɔtaɖonu la aɖo eŋu. 6Bla tablanu la nɛ, eye nàtsi ŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu. 7Azɔ tsɔ ami sisi la nakɔ ɖe eƒe tame eye nàsii nɛ. 8Eyome nàna via ŋutsuawo nate va, eye nàdo awutewui ʋlaya na wo. 9Bla ali dzi na wo eye nàbla tablanu la hã na wo; ekema nunɔladɔ la azu wo tɔ tegbee. Aleae nàɖo Aron kple via ŋutsuawo nunɔlawoe.
10“Eyome kplɔ nyitsua va godoƒegbadɔa nu. Aron kple via ŋutsuawo nava tsɔ asi aɖo eƒe tame, 11eye nàwu nyitsua le Aƒetɔ ŋkume le godoƒegbadɔ la ƒe ʋɔtru nu. 12De asibidɛ nyitsua ƒe ʋu me nàtsɔ asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye nàtsɔ ʋu mamlɛa akɔ ɖe vɔsamlekpuia te. 13Ɖe ami siwo katã le dɔmenuawo ŋu, esiwo le aklãa ŋu kple ayiku eveawo kpakple wo ŋuti miwo, eye nàtɔ dzo wo katã ɖe vɔsamlekpui la dzi, ne woafiã keŋkeŋ. 14Ke nàtɔ dzo nyitsua ƒe lã, eƒe agbalẽ kple mi siwo le dɔme nɛ la le asaɖa la godo, elabe nuvɔ̃vɔsae.
15“Azɔ he agbo ɖeka vɛ, eye Aron kple via ŋutsuwo natsɔ woƒe asiwo ada ɖe agbo la ƒe tame. 16Wu agbo la eye nàtsɔ eƒe ʋu awu ɖe vɔsamlekpui la dzi godoo ava kpe. 17Fli agbo la kakɛkakɛe, nàklɔ dɔmenuawo kple afɔawo eye nàtsɔ wo akpe ɖe eƒe lã mamlɛa kple eƒe ta ŋu. 18#Efes 5.2; Fil 4.18. Nàtɔ dzo agbo bliboa katã ɖe vɔsamlekpui la dzi; numemevɔsa wònye na Aƒetɔ. Enye ʋeʋẽ lílilĩ ƒe dzo si dzea Aƒetɔ ŋu.
19“Emegbe nàhe agbo evelia vɛ, eye Aron kple via ŋutsuawo natsɔ woƒe asiwo ada ɖe agbo la ƒe tame. 20Wu agbo la nàtsɔ eƒe ʋu asisi ɖe Aron kple via ŋutsuwo ƒe nuɖusi togboewo, nuɖusi degblefetsuwo kple nuɖusifɔ degblefetsuwo ŋu, eye nàtsɔ ʋu mamlɛa awu ɖe vɔsamlekpuia ŋu godoo ava kpe. 21Eyome tsɔ ʋu si le vɔsamlekpuia dzi la ƒe ɖe kple amisiname la ƒe ɖe awu ɖe Aron kple eƒe awuwo ŋu. Gawu ʋua kple amisiname la ƒe ɖe ɖe via ŋutsuawo kple woƒe awuwo hã ŋu. Ekema Aron ŋutɔ kple eƒe awuwo azu kɔkɔe, eye via ŋutsuawo kple woƒe awuwo hã ŋuti akɔ.”
22“Azɔ nàɖe ami le agboa ŋu, ɖe asikɛ la kple eŋu miwo, ɖe ami si le eƒe dɔmenuawo ŋu, ɖe ami si le eƒe aklã kple ayiku eveawo ŋu eye nàɖe agboa ƒe nuɖusita elabe ameɖoɖo Mawu ƒe dɔ nu ƒe agboe. 23Tsɔ abolo bɔbɔe ɖeka, aboŋgo ɖeka kple tatali ɖeka siwo nye nu maʋamaʋãwo le Aƒetɔ ŋkume le kusia me. 24Tsɔ nuawo katã nàde asiƒome na Aron kple via ŋutsuawo, eye nànyè nuawo le Aƒetɔ ŋkume. 25Emegbe nàxɔ nuawo le wo si ada ɖe vɔsalã la dzi le vɔsamlekpuia dzi, eye nàtɔ dzo wo, bene woaʋẽ lililĩ ɖe Aƒetɔ; Aƒetɔ ƒe dzovɔsa wònye.
26“Ɖe agbo si wowu tsɔ ɖo Aron la ƒe akɔ eye nànyèe le Aƒetɔ ŋkume, emegbe wòazu tɔwò. 27Kɔ̀ agbo si wowu tsɔ ɖo Aron kple via ŋutsuawoe la ƒe akɔ kple ata siwo wonyè xoxo la ŋuti elabe Aron kple via ŋutsuawo tɔe. 28Anye adzɔ na Aron kple via ŋutsuawo tso Israelviwo gbɔ tegbee elabe nunɔlawo ƒe gomee. Anye adzɔ si Israelviwo ana Aƒetɔ tso woƒe ŋutifafavɔsawo me. Woƒe vɔsa na Aƒetɔ wònye.
29Aron ƒe awu kɔkɔeawo nazu via ŋutsu siwo ava nɔ eteƒe la tɔ, eye woanɔ wo ŋu hafi woasi ami na wo, aɖo wo. 30Aron viŋutsu si zu nunɔla ɖe eteƒe la nado wo ŋkeke adrẽ, ne wòva godoƒegbadɔ la me be wòasubɔ le kɔkɔeƒe la.
31“Tsɔ agbo si wowu tsɔ ɖo Aron kple via ŋutsuawo ƒe lã, eye nàɖae le teƒe kɔkɔe aɖe. 32Aron kple via ŋutsuawo natsɔ abolo si le kusia me aɖu agbolã la le Mawu ƒe agbadɔ la nu. 33Ale woaɖu nu mawo siwo wotsɔ ɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ŋu hewɔ wo kɔkɔe hafi ɖo wo la; ke ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu mawo o, elabe nu kɔkɔe wonye. 34Ne vɔsalã ma si wotsɔ ɖo ameawoe kple aboloa ƒe ɖe tsi anyi ŋu ke ɖe edzi la, ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖui o; ele be woatɔ dzoe elabe nu kɔkɔe wònye.
35“Alea ye nàwɔ na Aron kple via ŋutsuawo abe ale si megblɔ na wò ene la tututu; ŋkeke adrẽ sɔŋ nàtsɔ aɖo woe. 36Gbe sia gbe la, nàwu nyitsu ɖeka hena nuvɔ̃vɔsa abe avulénu ene. Ɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋu to avulénuawo mème le edzi me, eye nàsi ami nɛ awɔe kɔkɔe. 37Ŋkeke adrẽ sɔŋ nàmè avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe ale be vɔsamlekpui la nazu nu kɔkɔetɔ kekeake. Nu sia nu si aka vɔsamlekpui la ŋu la, azu kɔkɔe.
Gbe sia gbe vɔsawo
(Mos IV, 28.1-8)
38“Azɔ nu si wòle be nàmè le vɔsamlekpui la dzi lae nye esi: Gbe sia gbe nàmè alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. 39Mè alẽvi ɖeka le ŋdi me, eye nàgamè ɖeka le fiẽ me. 40Le alẽvi gbãtɔ gome la, tsɔ wɔ memee kilo ɖeka dzaba ami nyui lita ɖeka eye nàtsɔ wain lita ɖeka awɔ nunonovɔsa akpe ɖe alẽvi ɖeka la ŋu. 41Mè alẽvi evelia le fiẽ me eye nàwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa siwo kpe ɖe eŋu la abe ŋdi me tɔ ene. Esia anye dzovɔsa si aʋẽ lililĩ ɖe Aƒetɔ. 42Esia nanye numemevɔsa si me miaƒe dzidzimeviwo alé ɖe asi, le godoƒegbadɔ la nu, le Aƒetɔ ŋkume, afi si maɖe ɖokuinye afia mi le, eye maƒo nu kpli mi le afi ma. 43Afi mae mado go Israelviwo le, eye nye ŋutikɔkɔe ana agbadɔ ŋuti nakɔ. 44Makɔ̀ godoƒegbadɔ la kple vɔsamlekpuia ŋu, eye makɔ̀ Aron kple via ŋutsuawo ŋuti be woanye nunɔlawo asubɔm. 45Manɔ Israelviwo dome eye manye woƒe Mawu. 46Woadze sii be nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu si kplɔ wo dzoe le Egipte-nyigba dzi, be manɔ wo dome. Nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu.
اکنون انتخاب شده:
Mose II 29: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.