Korintotɔwo I, 8
8
Nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo
1Fifia la, medi be maƒo nu tso nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo la ŋuti.
Míenya baa be nunya le mí katã mía si. Gake “Nunya” ɖe wònana be ame doa eɖokui ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ ya, ɖe wòtua ame ɖo. 2Ne ame aɖe bu be yenya nane la, menyae wòde edeƒe haɖe o. 3Ke ne ame aɖe lɔ̃ Mawu la, Mawu dze si eyama.
4Azɔ le nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo ɖuɖu ŋuti la, míenya le nyateƒe me be trɔ̃ aɖeke mele xexea me o, eye mawu bubu aɖeke hã meli o. Mawu ɖeka hɔ̃ koe li míenya. 5Togbɔ be ame aɖewo xɔ se be “mawuwo” kple “aƒetɔwo” le dziƒo kple anyigba, eye le wo gbɔ la, “mawuwo” kple “aƒetɔwo” sɔ gbɔ fũu hã la, le míawo ya mía gome la, Mawu ɖeka hɔ̃ koe li. Eyae nye Tɔ́ la, ame si me nuwo katã dzɔ tso, eye eyae míele agbe na. 6Nenema ke Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to va dzɔ, eye miawo hã miele agbe to eyama me.
7Le nyateƒe me la, ame geɖe menya nu sia alea o. Esi wònye trɔ̃subɔsubɔ ɖe wòma ame aɖewo vevie va se ɖe fifia gɔ̃ hã ta la, ne woɖu nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo la, ewɔna na wo abe ɖe wotsɔe sa vɔe vavã na legba ene, elabe woƒe dzitsinya mesẽ ŋu o. 8Menye nuɖuɖue ana míadze Mawu ŋu o. Ne míegbe nane ɖuɖu la, megblẽ naneke le mía ŋuti o. Nenema ke ne míeɖui hã la, medo mí ɖe ŋgɔ le go aɖeke me o. 9Ɖeko mikpɔ nyuie, be ablɔɖe si miekpɔ alea la, nagava zu nuɖiaɖia na ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la o. 10Elabe kasia míkpɔ, ame aɖe, si ƒe dzitsinya mesẽ ŋu o, kpɔ wò, ame si “nya” nu si wɔm nèle, nèle nu ɖum le trɔ̃ƒe! Ɖe wò nuwɔna sia made dzi ƒo na ame gblɔe sia, be eya hã nadi be yeaɖu nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na legba oa? 11Ale nu si gɔme nèbe yese hafi wɔ la na be ame gblɔe sia tsrɔ̃, evɔ la, nɔviwò sia tae Kristo ku ɖo. 12Ale esi nèwɔ vɔ̃ ɖe nɔviwò xɔsetɔwo ŋu, eye nède abi woƒe dzitsinya ŋu, esime wogbɔdzɔ ta la, èwɔ vɔ̃ ɖe Kristo ŋu. 13Eya ta nenye be nu si maɖu ana nɔvinye nawɔ nuvɔ̃ la, ekema nyemaɖu lã akpɔ o. Ne menye nenema o la, mava na nɔvinye nawɔ nuvɔ̃.
اکنون انتخاب شده:
Korintotɔwo I, 8: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.