Korintotɔwo I, 7
7
Aɖaŋuɖoɖo le srɔ̃ɖeɖe ŋuti
1Fifia la, medi be maƒo nu tso nya siwo miebia le agbalẽ si mieŋlɔ ɖo ɖa me la ŋuti. Magblɔ be anyo ŋutɔ ne ŋutsu anɔ anyi eye madɔ kple nyɔnu o. 2Ke be miaxe mɔ na ahasiwɔwɔ ta la, srɔ̃nyɔnu nenɔ ŋutsu ɖe sia ɖe si, eye nyɔnu ɖe sia ɖe neɖe srɔ̃. 3Ŋutsu newɔ nu sia nu si dze, eye wòhiã la na srɔ̃a. Nyɔnu hã newɔe na srɔ̃a nenema ke. 4Elabe srɔ̃nyɔnu mekpɔ ŋusẽ ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃ŋutsu lae kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Nenema ke srɔ̃ŋutsua hã mekpɔ ŋusẽ ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃nyɔnu lae. 5Migate mia ɖokui mia nɔewo o, negbe miawo ŋutɔe lɔ̃ ɖe edzi do ŋgɔ be yewoanɔ anyi nenema hena ɣeyiɣi aɖe, avo, ado gbe ɖa. Ke ne eva eme nenema hã la, migate ɖe mia nɔewo ŋu kaba, elabe ne miete ŋu do dzi ɖu mia ɖokui dzi o la, Satana ava te mi akpɔ. 6Megblɔ esia be mana mɔ mi le nu sia ŋuti, ke menye se dem mele na mi o. 7Ɖe madi be ame sia ame nanɔ anyi, abe ale si nye ŋutɔ meli ene hafi. Ke ame ɖe sia ɖe xɔ nunana tɔxɛ tso Mawu gbɔ. Ame sia ame tɔ to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ.
8Ke le ame siwo si srɔ̃ mele o kple ahosiwo gome la, madi be magblɔ na wo be, ne wole anyi srɔ̃maɖee, abe ale si meli ene la, enyo na wo. 9Evɔ la, nenye be womate ŋu aɖu wo ɖokui dzi o la, ekema woaɖe srɔ̃. Elabe anyo be ame naɖe srɔ̃ wu be fieŋufieŋu nanɔ fu ɖem nɛ.
10 #
Mat 5.32; 19.9; Mar 10.11, 12; Luk 16.18. Le srɔ̃tɔwo gome la, medi be made se na wo, ke menye nyee le sea dem o, Aƒetɔ la boŋ ye. Se lae nye be srɔ̃nyɔnu negaklã ɖa tso srɔ̃a gbɔ o. 11Nenye be ewɔe la, ekema nenɔ anyi srɔ̃maɖee, alo negbugbɔ wɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua, eye wòatrɔ ayi egbɔ. Srɔ̃ŋutsu hã negagbe srɔ̃a o.
12Menye Aƒetɔ lae le esia gblɔm o. Ke nye ŋutɔ medi be magblɔ na ame mamlɛawo be, nenye be srɔ̃ le ŋutsu xɔsetɔ aɖe si, eye nyɔnua menye xɔsetɔ o, evɔ wòdi be yeanɔ atsuƒea la, ŋutsua megagbee o. 13Azɔ ne nyɔnu aɖe ɖe ŋutsu aɖe, si menye xɔsetɔ o, evɔ ŋutsua lɔ̃ be yeayi edzi anye srɔ̃a la, nyɔnua megagbee o. 14Elabe srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ la ŋuti kɔ le srɔ̃nyɔnua ta. Nenema ke srɔ̃nyɔnu dzimaxɔsetɔ la hã ŋuti kɔ le srɔ̃ŋutsua ta. Ne ɖe mele eme nenema o la, anye ne mia viwo ŋu makɔ o, ke abe ale si wòle ene la, wo ŋu kɔ. 15Azɔ nenye be srɔ̃tɔawo dometɔ si menye xɔsetɔ o di be yeaklã ɖa tso esi nye xɔsetɔ gbɔ la, neheyi faa. Ne eva eme alea la, se aɖeke mebla nɔvi xɔsetɔ la le go sia me o; ɖeko Mawu di be míanɔ anyi le ŋutifafa me. 16Ame aɖe menya nu o, wò nyɔnu, ɖewohĩ wòe ava xɔ srɔ̃wò ɖe agbe. Nenema ke wò srɔ̃ŋutsu, ɖewohĩ wòe ava xɔ srɔ̃wò ɖe agbe.
Agbe si ƒomevi Aƒetɔ la ɖo be míanɔ
17Azɔ la, ame sia ame nenɔ agbe, abe ale si Aƒetɔ la nɔe la ene, eye nenɔ anyi, abe ale si wòle hafi Mawu yɔe la ene. Esia nye nye ɖoɖo na hameawo katã. 18#Mak I, 1.15.Nenye be wotso aʋa na ame aɖe hafi woyɔe la, megatsi dzi be yeaɖe dzesi siwo ku ɖe aʋatsotsoa ŋu la ɖa le ye ŋu o. Nenema ke nenye be wometso aʋa na ame aɖe hafi woyɔe o la, megatsi dzi be wonetsoe na ye kokoko o. 19Ne wotso aʋa na ame aɖe, alo wometsoe nɛ o la, menye naneke kura o, ke Mawu ƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔe nye nu si le vevie. 20Ame sia ame nenɔ nɔnɔme si me wòle hafi woyɔe wòva zu xɔsetɔ la me faa. 21Kluvie nènye hafi woyɔ wòa? Mewɔ naneke o. Evɔ la, nenye be àte ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ azu ablɔɖevi la, tso ɖe eŋu nàwɔe. 22Elabe ame si nye kluvi hafi Aƒetɔ la yɔe la, ezu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi. Nenema ke ame si nye ablɔɖevi hafi woyɔe la, ezu Kristo ƒe kluvi. 23Fe gãe woxe ɖe mia ta, eya ta migazu amegbetɔwo ƒe kluviwo o. 24Eya ta, nɔviwo, ame sia ame nenɔ ko abe ale si wòle hafi woyɔe la ene.
Srɔ̃manɔsitɔwo kple ahosiwo
25Le ame siwo meɖe srɔ̃ o gome la, nyemexɔ ɖoɖo aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ na wo o, ke nu si gblɔ ge mala la, nye nye ŋutɔ nye susu, elabe Aƒetɔ la ve nunye be amewo ɖoa ŋu ɖe ŋunye. 26Le nye susu nu la, le ale si xexea me le sesẽm le egbe ŋkekewo me ta la, enyo be ame sia ame nanɔ anyi, abe ale si wòli la ko ene. 27Ne srɔ̃ le asiwò la, mègadi be yewoaklã ne yeavo o. Ne nyɔnu mele asiwò o la, mègatsi dzi be yeaɖe srɔ̃ o. 28Evɔ ne ègaɖe srɔ̃ hã la, mèwɔ nuvɔ̃ o, eye ne ɖetugbi aɖe ɖe srɔ̃ la, mewɔ nuvɔ̃ o. Ɖeko ame siwo ɖe srɔ̃ la le xexemefu kpe ge eye nye la, nyemedi fukpekpe ma na mi hafi o. 29Nɔvinyewo, nu si gblɔm mele lae nye be, ɣeyiɣi si woɖo la de vɔ. Eya ta tso fifia dzi heyina la, ŋutsu siwo si srɔ̃ le la, nenɔ anyi abe ɖe womeɖe srɔ̃ kpɔ o ene. 30Ame siwo le konyi fam hã, nenɔ anyi abe ɖe womele konyi fam o ene. Ame siwo le dzidzɔ kpɔm hã, nenɔ anyi abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene. Ame siwo le nu ƒlem hã, nenɔ anyi abe ɖe naneke mele wo si o ene. 31Ame siwo tsɔ xexemenuwo didi ɖo dɔe be wo katã nanye yewo tɔ, nenɔ anyi abe ɖe wometsɔ ɖeke le xexemenuwo me o ene. Elabe nɔnɔme si le xexe sia me si fifia la nu le yiyim.
32Nye didie nye be miagatsi dzimaɖeɖi o. Ŋutsu si meɖe srɔ̃ o la, tsia dzi ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔwo ŋu, eye wòdina vevie be yeadze eŋu. 33Ke ŋutsu srɔ̃tɔ la, tsia dzi ɖe xexea me nuwo ŋu, eye wòdina vevie be yeadze ye srɔ̃ ŋu. 34Ale wòtsia evedomesi. Nenema ke nyɔnu alo ɖetugbi srɔ̃manɔsitɔ hã tsia dzi ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔwo ŋu, eye wòdina vevie be yeƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ siaa nanɔ kɔkɔe. Ke nyɔnu srɔ̃tɔ tsia dzi ɖe xexemenuwo ŋu, eye wòdina vevie be yeadze ye srɔ̃ ŋu. 35Mele esia gblɔm na mi le miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ta, ke menye ɖe mele didim be mana miaxaxa o. Ɖeko medi be ɖoɖo nyuitɔ nanɔ anyi ne miavo atsɔ susu ɖeka ahasubɔ Aƒetɔ lae.
36Ne ŋutsu aɖe bia ɖetugbi ta be yeaɖe, eye wòkpɔ be dzodzro sesẽ le ye me, yemete ŋu le ye ɖokui dzi ɖum o la, woate ŋu aɖe wo nɔewo faa abe ale si wòdi la ene. Mewɔ nuvɔ̃ o. 37Ke ame si naneke mele fu ɖem na o, eye wòte ŋu ɖu eɖokui dzi heɖoe kplikpaa be yele nyɔnu si wotsɔ na ye la ɖe ge godogodo la, ewɔe nyuie. 38Ale ŋutsu si ɖe nyɔnu si wotsɔ nɛ la wɔe nyuie, ke ame si meɖe etɔ o la, gawɔe nyuie wu.
39Se bla nyɔnu srɔ̃tɔ ɖe srɔ̃a ŋuti, zi ale si ŋutsua le agbe. Ke nenye be ŋutsua ku la, nyɔnua vo agaɖe ŋutsu bubu ɖe sia ɖe si wòlɔ̃ la faa. Evɔ la, ele be wòaɖee abe Kristotɔ ene. 40Le nye ya nye susu nu la, ne etsi anyi srɔ̃maɖee la, eƒe dzi adze eme wu. Nye susue nye ema, ke mebu be Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le menye.
اکنون انتخاب شده:
Korintotɔwo I, 7: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: