Korintotɔwo I, 7:3-4

Korintotɔwo I, 7:3-4 EB14

Ŋutsu newɔ nu sia nu si dze, eye wòhiã la na srɔ̃a. Nyɔnu hã newɔe na srɔ̃a nenema ke. Elabe srɔ̃nyɔnu mekpɔ ŋusẽ ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃ŋutsu lae kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Nenema ke srɔ̃ŋutsua hã mekpɔ ŋusẽ ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃nyɔnu lae.