Korintotɔwo I, 13
13
Lɔlɔ̃
1Nenye ɖe megblɔa gbe siwo katã amegbetɔwo kple mawudɔlawo gɔ̃ hã gblɔna, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, ekema nye nuƒoƒo le ko abe gakogoe alo ayawagba siwo ƒe ɖiɖi vea to me la ene. 2#Mat 17.20; 21.21; Mar 11.23. Nenye ɖe mete ŋu ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi eye mese nya ɣaɣlawo katã gɔme, henya nu sia nu; alo ne xɔse deblibo le asinye, ale be mate ŋu aho towo gɔ̃ hã ɖa, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, ekema nyemenye naneke kura o. 3Ne metsɔ nu siwo katã le asinye la na amewo, eye mena wotɔ dzom gɔ̃ agbagbee, ke lɔlɔ̃ mehele asinye o la, mewɔ dɔ vlo.
4Lɔlɔ̃ ɖe wògbɔa dzi blewuu, eye wònyoa dɔme na ame. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o. Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o, eye medàna o. 5Lɔlɔ̃ mewɔa ŋukpenanu o, eye media eɖokui tɔ o. Medoa dziku kabakaba, alo léa vɔ̃ si wowɔ ɖe eŋu la ɖe dɔme o. 6Mekpɔa dzidzɔ le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke nu si nye nyateƒe la ŋutie wòkpɔa dzidzɔ le. 7Lɔlɔ̃ tsɔa nu sia nu kpoo. Eƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nu metsina o, eye wòdoa dzi le nuwo katã me.
8Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o. Ne amewo le gbeƒã ɖem Mawu ƒe gbedeasi la, enu ava yi. Ne ame aɖe ƒoa nu gblɔa gbe vovovowo la, ava dzudzɔ. Ne ame aɖe nya nu ʋuu hã la, eƒe nunya nu ava yi. 9Míaƒe nunya kple gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe gbedeasi mede blibo o. 10Ne nu si de blibo la ŋutɔ va ɖo la, ekema nu siwo mede blibo o la, nu ava yi. 11Esi menɔ ɖevime la, meƒoa nu abe ɖevi ene, mebua tame abe ɖevi ene, eye mesea nu gɔme abe ɖevi ene. Ke esi metsi zu ŋutsu la, meɖe asi le ɖevimenuwɔna ŋu. 12Fifia la, míele nu kpɔm le ahũhɔ̃e me flukpee ko, ke emegbe la, míava kpɔ nu ŋkume kple ŋkume. Nu si menya fifia la, mede blibo o, ke emegbe la, mase nu sia nu gɔme keŋkeŋ, abe ale si Mawu hã nyam keŋkeŋ ene. 13Ale nu etɔ̃e li. Woawoe nye: xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃. Ke wo dome vevitɔe nye lɔlɔ̃.
اکنون انتخاب شده:
Korintotɔwo I, 13: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.