Korintotɔwo I, 11
11
1 #
Kor I, 4.16; Fil 3.17. Mikpɔ nye nuwɔna miawɔ abe ale si nye hã mekpɔa Kristo tɔ wɔna la ene.
Nutsyɔtsyɔ ta le sɔleme
2Mekafu mi, elabe mieɖo ŋku dzinye le nu sia nu me, eye gawu la, mielé kɔnu siwo meɖo anyi na mi la me ɖe asi, abe ale si mefia mi la ene. 3Ke medi be eme nakɔ na mi be Kristoe nye ŋutsu sia ŋutsu ƒe tatɔ; srɔ̃ŋutsue nye srɔ̃nyɔnu ƒe tatɔ, eye Mawue nye Kristo ƒe tatɔ. 4Ŋutsu si tsyɔa nu ta hafi doa gbe ɖa, alo ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la, mede bubu eƒe tatɔ ŋu o. 5Ke nyɔnu si metsyɔa nu ta hafi doa gbe ɖa, alo ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi o la, mede bubu eƒe tatɔ ŋu o. Ele ko abe ɖe wòlũ ta ene. 6Nenye be nyɔnu matsyɔ nu ta o la, ke nelũ ta boŋ! Ke nenye be wònye ŋukpe nɛ be wòalũ ta la, ekema netsyɔ nu ta. 7#Mos I, 1.26, 27. Ŋutsu ya la, mele be wòatsyɔ nu ta o, elabe eyae nye ame si ɖea Mawu ƒe dzedzeme kple ŋutikɔkɔe fiana, eye nyɔnu ya ɖea ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe fiana. 8#Mos I, 2.18-23. Menye ŋutsue woɖe tso nyɔnu me o, ke boŋ nyɔnue woɖe tso ŋutsu me. 9Gawu la, womewɔ ŋutsu ɖe nyɔnu ta o, ke nyɔnue wowɔ ɖe ŋutsu ta. 10Esia ta, le mawudɔlawo ta la, ele be nyɔnu natsyɔ nu ta atsɔ afia be yele ye srɔ̃ ƒe ŋusẽ te. 11Ke hã la, le Aƒetɔ la ŋku me la, womate ŋu ama srɔ̃ nyɔnu tso srɔ̃ ŋutsu ŋuti alo srɔ̃ ŋutsu hã tso srɔ̃ nyɔnu ŋuti o. 12Elabe abe ale si woɖe nyɔnu tso ŋutsu mee ene la, nenemae nyɔnu hã dzi ŋutsui. Eme kɔ be ɖe woɖe nyɔnu tso ŋutsu me, ke nyɔnue dzia ŋutsu. Mawu gbɔe nu sia nu tso. 13Miawo ŋutɔ mibu eŋu kpɔ. Esɔ be nyɔnu naɖe nu le ta hafi ado gbe ɖaa? 14Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be ne ŋutsu ƒe ɖa to, alo wòɖo ɖa kpɔɔ la, ewɔ ŋukpenanu oa? 15Evɔ ne nyɔnu ya ɖo ɖa la, atsyɔ̃nu wònye nɛ. Elabe ɖe wonae be wòatsɔ aɖo atsyɔ̃e. 16Ke ne ame aɖe di be yeaʋli nya sia la, medi be wòanya be nyemelɔ̃ ɖe wɔna bubu aɖeke dzi wu esia o. Nenema ke Mawu ƒe hameawo hã melɔ̃ ɖe bubu aɖeke dzi o.
Aƒetɔ la ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la
(Mat 26.26-29; Mar 14.22-25; Luk 22.14-20)
17Le nuxlɔ̃amenya siwo gbɔna me ya la, nyemakafu mi o. Nu si tae la nye be ne miekpe ta be yewoasubɔ Mawu la, nuvɔ̃ɖi siwo yia edzi le mia dome la sɔ gbɔ wu nu nyuiwo. 18Gbã la, mese be ne miekpe ta la, memama le mia dome. Mexɔ nya sia dzi se le go aɖe me, 19elabe ele be memama nanɔ mia dome godoo, ale be ame siwo nye nyateƒetɔwo le mia dome la, nadze ƒãa. 20Ne miekpe ta la, menye Aƒetɔ la ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la mieɖuna o. 21Ne mieva kpe ta la, ame sia ame doa ŋgɔ dzea eya ŋutɔ ƒe nuɖuɖu dzi ɖuna. Ale, esime dɔ le ame aɖewo wum la, ame bubuwo ya mu aha gɔ̃! 22Esia mesɔ kura o! Ɖe aƒemele mia si miaɖu nu, ano nu le afi ma oa? Alo Mawu ƒe hame lae meɖi naneke na mi, eye miedi be yewoado ŋukpe ame siwo si nu mele o laa? Nya ka magblɔ na mi fifia? Makafu mi loo? Gbeɖe, nyemele mia kafu ge ɖe esia ta o.
23Nu si Aƒetɔ la fiam la, eyae nye hã mele mia fiam. Le zã, si me wode Yesu asi la, etsɔ abolo. 24Esi wòda akpe le eta vɔ la, eŋe eme hegblɔ be: “Nye ŋutilãe nye esia. Mia tɔe. Miwɔ nu sia ne miatsɔe aɖo ŋku dzinyee.” 25#Mos II, 24.8; Yer 31.31-34; Mos II, 24.6-8. Esi woɖu nua vɔ la, etsɔ kplu la hã hegblɔ be: “Kplu siae nye nubabla yeye, si dzi woɖo kpee kple nye ʋu. Ɣe sia ɣi si mieno nu le enu la, miaɖo ŋku dzinye.” 26Ɣe sia ɣi si mieɖu abolo sia, eye mieno nu le kplu sia nu la, miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, va se ɖe esime wòagatrɔ ava.
27Ale ame sia ame si ɖua abolo sia, alo noa nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu le mɔ madzemadze nu la, eɖi fɔ, elabe ewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple ʋu ŋu. 28Ame sia ame nedzro eɖokui me kpɔ nyuie hafi wòaɖu abolo sia, eye wòano nu le kplu sia nu. 29Elabe ame si mebua Aƒetɔ la ƒe ŋutilã ŋu kpɔna nyuie hafi ɖua aboloa, eye wònoa nu le kplu la nu o la, nu si wòɖu kple nu si wòno la, hea ʋɔnudɔdrɔ̃ vaa edzi. 30Nuwɔna sia tae mia dome ame geɖe ƒe lã me gbɔdzɔ, ɖewo le dɔ lém, eye ɖewo hã ku. 31Nenye ɖe míedzro mía ɖokui me kpɔ nyuie la, ekema womadrɔ̃ ʋɔnu mí o. 32Ke ne Aƒetɔ la drɔ̃ ʋɔnu mí la, ekema ele mía ɖɔm ɖo be womagabu fɔ mí kple ame siwo menye xɔsetɔwo o la ɖekae o.
33Eya ta, nɔvinyewo, ne miekpe ta be yewoaɖu nua la, milala mia nɔewo. 34Ne dɔ le ame aɖe wum la, neɖu nu le aƒeme. Ne menye nenem o la, woabu fɔ mi. Ne meva ɖo mia gbɔ la, maɖo aɖaŋu na mi le nu siwo susɔ la ŋuti.
اکنون انتخاب شده:
Korintotɔwo I, 11: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.