1
Korintotɔwo I, 8:6
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Nenema ke Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to va dzɔ, eye miawo hã miele agbe to eyama me.
مقایسه
Korintotɔwo I, 8:6 را جستجو کنید
2
Korintotɔwo I, 8:1-2
Fifia la, medi be maƒo nu tso nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo la ŋuti. Míenya baa be nunya le mí katã mía si. Gake “Nunya” ɖe wònana be ame doa eɖokui ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ ya, ɖe wòtua ame ɖo. Ne ame aɖe bu be yenya nane la, menyae wòde edeƒe haɖe o.
Korintotɔwo I, 8:1-2 را جستجو کنید
3
Korintotɔwo I, 8:13
Eya ta nenye be nu si maɖu ana nɔvinye nawɔ nuvɔ̃ la, ekema nyemaɖu lã akpɔ o. Ne menye nenema o la, mava na nɔvinye nawɔ nuvɔ̃.
Korintotɔwo I, 8:13 را جستجو کنید
4
Korintotɔwo I, 8:9
Ɖeko mikpɔ nyuie, be ablɔɖe si miekpɔ alea la, nagava zu nuɖiaɖia na ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la o.
Korintotɔwo I, 8:9 را جستجو کنید