Ɖe mienyae be ame siwo wɔa nu madzɔmadzɔ la manyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome oa? Migana woable mi o! Nu baɖa wɔlawo, alo trɔ̃subɔlawo, alo ahasiwɔlawo, alo nyɔnu siwo dɔna kple nyɔnuwo loo, alo ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, alo fiafiwo, alo ŋuklẽlawo, alo ame siwo noa aha muna, alo ame siwo dzua ame, alo ame siwo daa adzo ame ƒe nu la, manyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome akpɔ o.