1
Korintotɔwo I, 14:33
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Elabe Mawu melɔ̃a nuwɔna si mele ɖoɖo nu la o, ke boŋ ŋutifafae wòdina. Abe ale si wòle le ame siwo ŋuti wokɔ ƒe hameawo katã me ene la
مقایسه
Korintotɔwo I, 14:33 را جستجو کنید
2
Korintotɔwo I, 14:1
Mina lɔlɔ̃ nanye miaƒe taɖodzinu, ke midi gbɔgbɔmenunana bubuwo hã, vevietɔ be miate ŋu aɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi.
Korintotɔwo I, 14:1 را جستجو کنید
3
Korintotɔwo I, 14:3
Ke ame si ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi ya ƒoa nu na amewo bene woatsi ɖe edzi. Edea dzi ƒo na wo hefaa akɔ na wo.
Korintotɔwo I, 14:3 را جستجو کنید
4
Korintotɔwo I, 14:4
Ame si ƒoa nu ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o me la, kpena ɖe eya ŋutɔ ɖokui ko ŋu, ke ame si ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi ya kpena ɖe hame blibo la ŋu.
Korintotɔwo I, 14:4 را جستجو کنید
5
Korintotɔwo I, 14:12
Le miawo hã gome la, esi wònye ɖe mietsi dzi ɖe gbɔgbɔ la ƒe nunanawo ŋu ta la, mido vevie nu le esiwo ana be hamea natsi ɖe edzi la me.
Korintotɔwo I, 14:12 را جستجو کنید