1
Korintotɔwo I, 13:4-5
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Lɔlɔ̃ ɖe wògbɔa dzi blewuu, eye wònyoa dɔme na ame. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o. Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o, eye medàna o. Lɔlɔ̃ mewɔa ŋukpenanu o, eye media eɖokui tɔ o. Medoa dziku kabakaba, alo léa vɔ̃ si wowɔ ɖe eŋu la ɖe dɔme o.
مقایسه
Korintotɔwo I, 13:4-5 را جستجو کنید
2
Korintotɔwo I, 13:7
Lɔlɔ̃ tsɔa nu sia nu kpoo. Eƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nu metsina o, eye wòdoa dzi le nuwo katã me.
Korintotɔwo I, 13:7 را جستجو کنید
3
Korintotɔwo I, 13:6
Mekpɔa dzidzɔ le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke nu si nye nyateƒe la ŋutie wòkpɔa dzidzɔ le.
Korintotɔwo I, 13:6 را جستجو کنید
4
Korintotɔwo I, 13:13
Ale nu etɔ̃e li. Woawoe nye: xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃. Ke wo dome vevitɔe nye lɔlɔ̃.
Korintotɔwo I, 13:13 را جستجو کنید
5
Korintotɔwo I, 13:8
Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o. Ne amewo le gbeƒã ɖem Mawu ƒe gbedeasi la, enu ava yi. Ne ame aɖe ƒoa nu gblɔa gbe vovovowo la, ava dzudzɔ. Ne ame aɖe nya nu ʋuu hã la, eƒe nunya nu ava yi.
Korintotɔwo I, 13:8 را جستجو کنید
6
Korintotɔwo I, 13:1
Nenye ɖe megblɔa gbe siwo katã amegbetɔwo kple mawudɔlawo gɔ̃ hã gblɔna, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, ekema nye nuƒoƒo le ko abe gakogoe alo ayawagba siwo ƒe ɖiɖi vea to me la ene.
Korintotɔwo I, 13:1 را جستجو کنید
7
Korintotɔwo I, 13:2
Nenye ɖe mete ŋu ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi eye mese nya ɣaɣlawo katã gɔme, henya nu sia nu; alo ne xɔse deblibo le asinye, ale be mate ŋu aho towo gɔ̃ hã ɖa, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, ekema nyemenye naneke kura o.
Korintotɔwo I, 13:2 را جستجو کنید
8
Korintotɔwo I, 13:3
Ne metsɔ nu siwo katã le asinye la na amewo, eye mena wotɔ dzom gɔ̃ agbagbee, ke lɔlɔ̃ mehele asinye o la, mewɔ dɔ vlo.
Korintotɔwo I, 13:3 را جستجو کنید
9
Korintotɔwo I, 13:11
Esi menɔ ɖevime la, meƒoa nu abe ɖevi ene, mebua tame abe ɖevi ene, eye mesea nu gɔme abe ɖevi ene. Ke esi metsi zu ŋutsu la, meɖe asi le ɖevimenuwɔna ŋu.
Korintotɔwo I, 13:11 را جستجو کنید