Esi woɖu nua vɔ la, etsɔ kplu la hã hegblɔ be: “Kplu siae nye nubabla yeye, si dzi woɖo kpee kple nye ʋu. Ɣe sia ɣi si mieno nu le enu la, miaɖo ŋku dzinye.” Ɣe sia ɣi si mieɖu abolo sia, eye mieno nu le kplu sia nu la, miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, va se ɖe esime wòagatrɔ ava.