Logo de YouVersion
Ícono Búsqueda

Yona 3

3
Yona yi Ninive
1Yehowa ƒe nya va na Yona zi evelia be, 2“Yi ɖe Ninive, du gã ma me, eye nàɖe gbeƒã nya siwo megblɔ na wò la na wo.”
3Ale Yona ɖo to Yehowa ƒe gbe azɔ, eye wòyi Ninive. Ninive nye du gã aɖe si woatsɔ ŋkeke etɔ̃ hafi azɔ ato eme. 4Yona ge ɖe du la me hezɔ ŋkeke ɖeka nɔ gbeƒã ɖem be, “Esusɔ ŋkeke blaene ne woagbã Ninive du la!” 5Ame siwo le Ninive dua me la xɔ Mawu dzi se; woɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye ame sia ame, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa ta akpanya.
6Esi Ninive fia se Yona ƒe mawunya la, eɖi le eƒe fiazikpui dzi, ɖe eƒe fiawuwo da ɖi, eye wòta akpanya henɔ anyi ɖe dzofi me. 7Fia la na woɖe gbeƒã le Ninive dua me be:
“Fia kple eƒe dumegãwo de se be:
“Amegbetɔ alo lã, nyi alo alẽ aɖeke maɖu nu o. Womana nuɖuɖu alo tsi wo o. 8Amegbetɔwo kple lãwo siaa ata akpanya, woafa avi vevie na Mawu, woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye woaɖe asi le vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti. 9Ɖewohĩ, Mawu ate ŋu aɖo be míatsi agbe, eye wòaɖo asi eƒe dziku helĩhelĩ la dzi be wòagatsrɔ̃ mí o.”
10Ke esi Mawu kpɔ be woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋuti la, eɖe asi le ɖoɖo si wòwɔ be yeatsrɔ̃ wo la ŋu, eye wòtsɔe ke wo.

Actualmente seleccionado:

Yona 3: AL

Destacar

Copiar

Comparar

Compartir

None

¿Quieres guardar tus resaltados en todos tus dispositivos? Regístrate o Inicia sesión

Video de Yona 3