1
Marko 9:23
Agbenya La
AL
Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”
Comparar
Explorar Marko 9:23
2
Marko 9:24
Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!”
Explorar Marko 9:24
3
Marko 9:28-29
Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o ɖo?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.”
Explorar Marko 9:28-29
4
Marko 9:50
Yesu wu eƒe nuƒo la nu be, “Dze nye nu vevi aɖe, gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o; meganyo na naneke o, migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”
Explorar Marko 9:50
5
Marko 9:37
“Ame si axɔ ɖevi sue aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ, eye ame si axɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ Fofonye si dɔm lae wòxɔ!”
Explorar Marko 9:37
6
Marko 9:41
Yesu yi edzi be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe na tsi kplu ɖeka mi be miano elabena mienye Kristo tɔ la, ame sia mabu fetu si wòaxɔ la o.’
Explorar Marko 9:41
7
Marko 9:42
“Gake ne ame aɖe awɔe be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu xɔse si le esi ɖe ŋunye la, ne wotsi kpe gã aɖe ɖe kɔ nɛ hekɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me la, anyo nɛ wu sãa.
Explorar Marko 9:42
8
Marko 9:47
Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome. Enyo na wò be nàyi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nàyi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve
Explorar Marko 9:47