1
Marko 4:39-40
Agbenya La
AL
Yesu blu ɖe ya la ta enumake, eye wòɖe gbe na ƒu la hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ƒu la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ. Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifia hã la, miexɔ dzinye se oa?”
Comparar
Explorar Marko 4:39-40
2
Marko 4:41
Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”
Explorar Marko 4:41
3
Marko 4:38
Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya ziɔ suɖui le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm dziɖeɖitɔe. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae vɔvɔ̃tɔe be, “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔm oa?”
Explorar Marko 4:38
4
Marko 4:24
Mikpɔ egbɔ be miewɔ ɖe nu siwo miese la dzi, elabena ne miele esia wɔm la, ekema miase nu siwo katã mefia mi la gɔme.
Explorar Marko 4:24
5
Marko 4:26-27
“Lododo bubu si fia ale si mawufiaɖuƒe la le lae nye esi: ‘Agbledela aɖe ƒã nuku ɖe eƒe abɔ me, eye wòdzo, ke le ŋkeke aɖewo megbe la, nuku la ŋutɔ tsi le eɖokui si, eye agbledela la mewɔ dɔ aɖeke o, elabena anyigba la ŋutɔ nyo xoxo.
Explorar Marko 4:26-27
6
Marko 4:23
Ne to senu li na mi la, misee!
Explorar Marko 4:23