1
Marko 15:34
Agbenya La
AL
Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eloi, Eloi, lama sabaktani?” (si gɔmee nye “Nye Mawu, Nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?”).
Comparar
Explorar Marko 15:34
2
Marko 15:39
Esi Romasrafo si nɔ Yesu ŋu dzɔm kpɔ ale si Yesu kue la, egblɔ kple seselelãme geɖe be, “Ame sia la, Mawu ƒe Vi wònye vavã!”
Explorar Marko 15:39
3
Marko 15:38
Le gaƒoƒo sia me tututu la, xɔmetsovɔ, si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋkume le gbedoxɔ la me la ma ɖe eve tso dzi va se ɖe anyime ke.
Explorar Marko 15:38
4
Marko 15:37
Yesu gado ɣli sesĩe, eye wòmia nu.
Explorar Marko 15:37
5
Marko 15:33
Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la dzi va se ɖe keke ɣetrɔ ga etɔ̃ me.
Explorar Marko 15:33
6
Marko 15:15
Azɔ Pilato vɔ̃ be ameha la ava wɔ ʋunyaʋunya eye be wòadze wo ŋu ta la, eɖe asi le Barabas ŋu na wo. Ke eɖe gbe be woaƒo Yesu kple atam. Le esia megbe la, ekplɔe de asi na ameawo be woaɖaklãe ɖe ati ŋu le woƒe didi nu.
Explorar Marko 15:15