1
Marko 1:35
Agbenya La
AL
Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go, eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa.
Comparar
Explorar Marko 1:35
2
Marko 1:15
Eɖe gbeƒã be, “Ɣeyiɣi la de azɔ! mawufiaɖuƒe la gogo! Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe ɖe nyanyui la ƒe ɖoɖowo nu.”
Explorar Marko 1:15
3
Marko 1:10-11
Esi Yesu nɔ dodom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me la nɔ ɖiɖim ɖe edzi. Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.”
Explorar Marko 1:10-11
4
Marko 1:8
Nye la, tsi ko metsɔ de mawutsi ta na mi, gake eya adee na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!”
Explorar Marko 1:8
5
Marko 1:17-18
Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo.” Enumake wogblẽ woƒe asabu ɖi hedze eyome.
Explorar Marko 1:17-18
6
Marko 1:22
Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.
Explorar Marko 1:22